bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
John 2
John 2
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 3 →
1
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpe Yesu dada be wòava kpɔ srɔ̃ɖeɖe aɖe teƒe le Kana si le Galilea nutomea me.
2
Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã.
3
Esi wɔnawo nɔ edzi yim la, wain si nom ameawo nɔ la vɔ. Ale Yesu dada va egbɔ va gblɔ nya sia nɛ.
4
Yesu ɖo eŋu na dadaa be, “Aƒenɔ, nu ka dim nèle be mawɔ na wò fifia? Nye ɣeyiɣi meɖo haɖe o.”
5
Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo bena, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”
6
Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo me.
7
Yesu gblɔ na subɔlawo be, “Miku tsi kɔ ɖe zɔwo katã me woayɔ.” Ale wowɔ nenema.
8
Egagblɔ na wo bena, “Azɔ mikui yi ɖana nuɖuɖudzikpɔla la.” Wowɔ nenema.
9
Nuɖuɖudzikpɔla la no tsi si trɔ zu wain la ƒe ɖe, ke menya afi si wòtso o, subɔlawo koe nya. Azɔ eyɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la eye wògblɔ nɛ bena,
10
“Wò la èto vovo kura tso ame bubuwo gbɔ elabena zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo na wain nyuitɔ woƒe amekpekpewo gbã eye ne ame sia ame noe wosui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vanɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”
11
Nukunu si Yesu wɔ le Kana le Galilea lae nye gbãtɔ si wòwɔ hetsɔ ɖe ŋusẽ si wòxɔ tso dziƒo la fia. Esia na be eƒe nusrɔ̃lawo hã xɔe se be eyae nye Mesia, ame si lava."
12
Esi srɔ̃ɖeŋkekenyui la wu enu la, Yesu kple dadaa, nɔviawo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Kapernaum eye wonɔ afi ma ŋkeke ʋee aɖewo.
13
Esi Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖo edzi la, Yesu yi Yerusalem."
14
Le afi sia la, ekpɔ asitsalawo le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu wonɔ nyiwo, alẽwo kple akpakpawo dzram hena vɔsasa. Gaɖɔlilawo hã nɔ teƒea nɔ ga ɖɔ lim na amewo.
15
Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.
16
Azɔ ezɔ yi ame siwo nɔ akpakpawo dzram la gbɔ eye wòɖe gbe na wo bena, “Mitsɔ nu siawo do goe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe Aƒe wɔ asimee o!”
17
Nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be mawunya gblɔ be, “Didi vevi aɖe le menye be mawɔ dɔ akɔ wò aƒe alo gbedoxɔ la ŋu.”
18
Azɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo va Yesu gbɔ va biae bena, “Ŋusẽ kae nèkpɔ bena nãnya ameawo do goe? Nenye be èka ɖe edzi be Mawue na ŋusẽ sia ye la ekema wɔ nukunu aɖe nãtsɔ ɖo kpe edzii na mi.”
19
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Enyo, mawɔ nukunu aɖe na mi, eyae nye be, migbã mawuxɔ sia eye nye la magbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ pɛ ko megbe.”
20
Ameawo katã do ɣli be, “Nu ka! Ƒe blaene-vɔ-adee wotsɔ tu gbedoxɔ siae. Ke wò ya nèbe yeate ŋu atui le ŋkeke etɔ̃ mea?”"
21
Ke “gbedoxɔ” si ŋu Yesu nɔ nu ƒom le lae nye eƒe ŋutilã.
22
Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be, nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã.
23
Nukunu geɖe siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na bena ame geɖe xɔe se be eyae nye Mesia la vavã.
24
Ke Yesu meka ɖe ame siawo ƒe xɔse dzi o, elabena edze si amegbetɔwo ƒe nɔnɔme.
25
Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me."
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21