bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezekiel 29
Ezekiel 29
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 30 →
1
Le ƒe ewolia me, le dzinu ewolia ƒe ŋkeke wuievelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:
2
Amevi, trɔ ŋgɔ de Egipte-fia Farao, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eya kple Egipte blibo la ŋu.
3
Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“
4
Matso ƒu aƒo ɖe alɔxatsa me na wò, eye mana wò tɔwo me lãwo nalé ɖe wò tsrokpa ŋu, mahe wò ado goe tso wò to me, eye wò tɔwo me lãwo katã alé ɖe wò tsrokpa ŋu.
5
Matsɔ wò aƒu gbe ɖe gbegbe, eye nadze dogba dzi le gbe me, womafɔ wò aƒo ƒu o, eye womaɖi wò o, matsɔ wò awɔ nuɖuɖui na gbemelãwo kple dziƒoxewo.
6
Eye Egiptetɔwo katã adze sii be, nyee nye Yehowa, elabena wonye aƒlati na Israel ƒe aƒe la;
7
ne wolé wò kple asi la, aŋe avuvu woƒe asi blibo la, eye ne woziɔ ɖe ŋuwò la, àŋe aƒo ɖe woƒe ali me blibo la.
8
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe yi ava dziwò, eye matsrɔ̃ amegbetɔ kple lã le dziwò.
9
Eye Egipte-nyigba azu aƒedo kple gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa. Esi nègblɔ be, ye toe nye Nil-tɔsisi la, eye yee wɔe ŋuti la,
10
eyata kpɔ ɖa, maƒo ɖe mia kple wò tɔsisiwo dzi, eye mana Egipte-nyigba nazu gbegbe kple aƒedo, tso Migdol va ke ɖe Siene ɖaseɖe Kus ƒe liƒo dzi.
11
Amegbetɔ ƒe afɔ kple lã ƒe afɔ mato edzi o, eye ame manɔ edzi o ƒe blane.
12
Mana Egipte-nyigba nazu aƒedo abe anyigba, siwo wogblẽ ene, eye eƒe duwo atsi anyi aƒedoe abe du gbagbã wo ene ƒe blane; makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi.
13
Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Le ƒe blane megbe la maƒo Egiptetɔwo nu ƒu tso dukɔwo dome, afisi woka hlẽ ɖo;
14
magaɖo Egiptetɔwo te, eye mana woatrɔ agbɔ va Patros-nyigba, si nye wo denyigba la dzi, eye woanye fiaɖuƒe suea ɖe le afima.
15
Ano sue le fiaɖuƒewo dome, eye magakɔ ta dzi ɖe dukɔwo ŋu azɔ o, mana woanɔ ʋee, ne womagafanya dukɔwo o.
16
Israel ƒe aƒe la magaɖo ŋu ɖe wo ŋu azɔ, ne woaɖo ŋku vodada dzi na wo, nenye be, woku ɖe wo ŋu la o; eye wòadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Yehowa.
17
Le ƒe blave vɔ adrelia me le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:
18
Amevi, Babel-fia Nebukadnezar na eƒe aʋakɔ wɔ dɔ sesẽ ɖe Tiro ŋu, tawo katã bebe, eye abɔtawo ɖe bo, ke eya kple eƒe aʋakɔ la mekpɔ fetua ɖeke tso Tiro gbɔ ɖe dɔ, si wòwɔ ɖe eŋu la la o.
19
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ Egipte-nyigba ade asi na Babel-fia Nebukadnezar, eye woatɔ eƒe kesinɔnuwo adzoe, aɖe aboyonu, eye wòaha nu; esia anye fetu na eƒe aʋakɔ.
20
Matsɔ Egipte-nyigba nɛ wòanye eƒe fetu, si ta wòwɔ dɔ ɖo, elabena nyee wòwɔ dɔ na, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
21
Ɣemaɣi la mana Israel ƒe aƒe la nato dzo, eye maʋu nu na wò le wo dome, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48