bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezekiel 20
Ezekiel 20
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 21 →
1
Eye wòva me le ƒe adrelia me le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke ewolia dzi be, ŋutsuwo tso Israel ame tsitsiwo dome va gbe bia ge Yehowa se, eye wobɔbɔ nɔ ŋkunye me.
2
Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena:
3
Amevi, ƒo nu kple Israel ame tsitsiwo nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyee miava gbe bia geea? Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ne mana miabia gbem ase akpɔ fi! Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
4
Màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa, amevi, màdrɔ ʋɔnu wo oa? Ɖe wo fofowo ƒe ŋunyɔnuwo fia wo!
5
Gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbesigbe metia Israel, eye mekɔ nye asi dzi na Yakob ƒe aƒe ƒe ƒomea, mede ɖokuinye fía wo le Egipte-nyigba dzi, eye mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: Nyee nye Yehowa, mia Mawu la,
6
gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.
7
Mía dome amesiame neɖe ŋunyɔnu ɖa le ŋku ta, eye migatsɔ Egipte-legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o; nye Yehowa ye nye mia Mawu.
8
Ke wosẽ to ɖe ŋunye, eye wogbe toɖoɖom; wo dometɔa ɖeke meɖe ŋunyɔnuawo ɖa le ŋku ta o, eye womeɖe asi le Egipte-legbawo ŋu o. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ ɖe wo ŋu le Egipte-nyigba dzi.
9
Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi.
10
Ale mekplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi heva gbe dzi.
11
Mena nye ɖoɖowo wo, eye meɖe nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, fia wo.
12
Eye metsɔ nye dzudzɔgbewo hã na wo, ne woanye dzesi anɔ mía kple wo dome, eye woadze sii be, nye Yehowa ye kɔ wo ŋu.
13
Ke Israel ƒe aƒe la sẽ to de ŋunye le gbea dzi; womezɔ de nye ɖoɖowo nu o, wodo vlo nye se, siwo, ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe la, eye wogblẽ kɔ do na nye dzudzɔgbewo vevie ŋutɔ. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo de wo dzi le gbea dzi, eye matsrɔ̃ wo.
14
Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.
15
Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, be nyemakplɔ wo ayi anyigba, si metsɔ na wo, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, eye wònye anyigba nyuitɔ le anyigbawo katã dome la dzi o;
16
le esi wodo vlo nye seawo, womezɔ de nye dodowo nu o, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo ta; elabena woƒe dzi dze woƒe legbawo yome.
17
Ke nye ŋku kpɔ nublanui na wo, be nyemagblẽ wo o, eye nyematsrɔ̃ wo le gbea dzi o.
18
Eye megblɔ na wo viwo le gbea dzi bena: Migazɔ de mia fofowo ƒe ɖoɖowo nu o, migalé woƒe sewo me ɖe asi o, eye migatsɔ woƒe legbawo gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui o!
19
Nye Yehowa, ye nye mia Mawu, mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye milé nye sewo me ɖe asi, ne miawɔ wo dzi;
20
mikɔ nye dzudzɔgbewo ŋu, ne woanye dzesi anɔ mía kpli mi dome, eye wòadze sii be, nye Yehowa yenye mia Mawu.
21
Ke wo viwo sẽ to ɖe ŋunye, womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, womelé nye sewo me ɖe asi, ne woawɔ wo dzi o, evɔ wònye ne ame wɔ wo dzi la, woana wòanɔ agbe hafi, eye wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo. Tete meɖo be, matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi, eye nye dɔmedzoe nabi avɔ de wo ŋu le gbea dzi.
22
Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.
23
Gake hã mekɔ nye asi dzi ɖe wo ŋu le gbea dzi, ne makaka wo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi;
24
le esi womewɔ nye sewo dzi o, eye woɖo vlo nye ɖoɖowo, wogblẽ kɔ ɖo na nye dzudzɔgbewo, eye woƒe ŋkuwo le wo fofowo ƒe legbawo yome la.
25
Eyata metsɔ ɖoɖo gbegblẽwo kple se, siwo mana woanɔ agbe o la, na wo.
26
Eye mena wotsɔ woƒe vɔsanuwo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, esime wotsɔ woƒe vi ŋgɔgbeawo katã to dzo mee, ne magblẽ wo, eye ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.
27
Eyata, amevi, ƒo nu kple Israel ƒe aƒe la, eye nagblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia fofowo gado ɖiŋu nam, esime wòtrɔ ʋu le yonyeme.
28
Esi mekplɔ wo va anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na wo la dzi, eye wokpɔ togbɛ kɔkɔ sia togbɛ kɔkɔ kple ati dodo sia ati dodo la, wosa woƒe akpedavɔwo le afima, eye wohe woƒe vɔsanu kudzinamewo va afima, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe le afima, eye woƒo tsi ɖe anyi ɖe afima.
29
Tete megblɔ na wo bena: Nuxeƒe ka nye esi mieva? Eyata woyɔa togbɛ be nuxeƒe vaseɖe egbe.
30
Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mietsɔ mia fofowo ƒe zɔzɔme le kɔ gblẽm ɖo na mia ɖokui, eye miele woƒe ŋunyɔnuwo yome dzem;
31
Israel ƒe aƒe, mietsɔ miaƒe legbawo katã gblẽ kɔ ɖo na mia ɖokui, eye mietsɔ miaƒe vɔsanuwo sa vɔe, esime mietsɔ mia viwo to dzo mee vaseɖe egbe tso, hafi nyea mana miabia gbem asea? Metà ɖokuinye ƒe agbe: Nyemana miabia gbem ase akpɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
32
Nusi ɖo ta me na mi lã, mava me akpɔ o, esime miele gbɔgblɔm bena: Míanɔ abe dukɔwo kple anyigbawo ƒe ƒomeawo ene, ne míasubɔ ati kple kpe.
33
Aƒetɔ Yehowa be: Metà ɖokuinye ƒe agbe be: Ne nyematsɔ asi sesẽ kple alɔ, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, aɖu fia ɖe mia dzi o fi!
34
Matsɔ asi sesẽ kple alo, si le dzi, kpakple dziku, si wotrɔ ƒo ɖe anyi la, akplɔ mi tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi,
35
eye makplɔ mi ayi dukɔwo ƒe gbe dzi, eye gama mahe nya kpli mi le ŋku me kple ŋku me.
36
Alesi mehe nya kple mia fofowo le Egipte-nyigba ƒe gbe dzi la, nenema mahe nya kple miawo hãe, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
37
Mana miato atikplɔ te ayi, eye makplɔ mi ayi nubabla la ƒe ga mee;
38
eye matia aglãdzelawo kple amesiwo trɔ ʋu le yonyeme la, le mia dome; makplɔ wo adzoe tso anyigba, si dzi wonye amedzro le la dzi, ke womade Israel-nyigba dzi o, eye miadze sii be, nyee nye Yehowa.
39
Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia dome amesiame neyi, ne wòaɖasubɔ eƒe legbawo ko; ke emegbe la miava ɖo tom xoxo, eye miagatsɔ miaƒe vɔsanuwo kple miaƒe legbawo agblẽ ka ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o.
40
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe blibo la, amesiwo katã le anyigba dzi la, asubɔm le nye to kɔkɔe la, Israel ƒe to kɔkɔ la dzi; gama maxɔ wo le atuu, eye madi woƒe adzɔwo, woƒe vɔsanuwo ƒe gbãtɔwo kpakple woƒe nusiwo katã ŋu woka la le.
41
Ne mekplɔ mi tso dukɔwo dome la, maxɔ mi atuu abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi, eye makɔ ɖokuinye ŋu ɖe mia ŋuti le dukɔwo ŋku me.
42
Eye miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, mekplɔ mi va Israel-nyigba, anyigba, si ŋu meka atam ɖo be, matsɔ na mia fofowo la dzi.
43
Míado ŋu miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo katã, siwo mietsɔ gblẽ ko ɖo na mia ɖokui la, le afima, eye miava ŋu nyo ge na mia ɖokui le nu vɔ̃ɖi, siwo katã miewɔ la ta.
44
Israel ƒe aƒe, miadze sii be, nyee nye Yehowa, nenye be, mewo na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye ɖe miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiwo kple miaƒe nuwɔna gbegblẽwo nu o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48