bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezekiel 8
Ezekiel 8
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 9 →
1
Eye wòva me, esime mebɔbɔ nɔ aƒenye me le ƒe adelia me, le dzinu adelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi, eye Yuda ame tsitsiwo bɔbɔ nɔ ŋkunye me la, Aƒetɔ Yehowa ƒe asi va dzinye le afima.
2
Eye medo ŋku anyi, kpɔ ɖa, nane le abe ame ene; eƒe ali ƒe anyi me gome le abe dzo ene, eye eƒe ali ƒe dzi me gome ɖi kekeli hele abe sika, si me kɔ keŋkeŋ la ene.
3
Tete wòdo nane da abe asi ene helé nye taɖa, eye gbagba la kɔm ɖe anyigba kple dziƒo domee hekplɔm le Mawu ƒe ŋutega me va ɖo Yerusalem le agbo metɔ, si ɖo ta anyiehe gome la nu, afisi legbaa ɖe, si dea ŋuʋaʋã Yehowa me la le.
4
Eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le afima abe nɔnɔme, si mekpɔ le bali la me ene.
5
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, fa ko dzi ɖe anyiehe gome! Tete mefɔ kɔ dzi, eye kpɔ ɖa, ŋuʋaʋã ƒe legba sia le vɔsamlekpui la ƒe agbo la nu le anyiehe gome.
6
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èle nusi wɔm wole la kpɔma? Ŋunyɔnu gã Israel ƒe aƒe la le wɔwɔm le afisia, ne wòatsɔ anyãm ɖa le nye kɔkɔeƒe la ŋu; ke ègale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge.
7
Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu la ƒe mo nu, eye meɖo ŋku anyi, kpɔ ɖa, do le glia me.
8
Tete wògblɔ nam bena: Amevi, ŋɔ gli la! Eye esi meŋɔ glia la, kpo ɖa, ʋotrua ɖe li.
9
Eye wògblɔ nam bena. Yi ɖe eme, ne nakpe ŋunyɔnu vɔ̃ɖi, siwo wɔm wole le afisia la ɖa!
10
Esi mege ɖe eme la, kpɔ ɖa, wota nutatawo kple lãfɔnewo, siwo nye ŋunyɔnuwo la ƒe nɔnɔme vovovowo, kple Israel ƒe aƒe la ƒe legbawo katã ɖe glia ŋu godoo va kpe.
11
Eye Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ blaadre, amesiwo nu Yaazanya, Safan vi, le la tsi tre de wo ŋgɔ, amesiame lé sonu ɖe asi, eye dzudzɔ ʋeʋẽe de dzi kɔtɔɔ.
12
Tete wògblɔ nam be: Amevi, ele nusi Israel ƒe aƒe la ƒe ame tsitsiwo dometɔ ɖesiaɖe le wɔwɔm le vivi me le eƒe xɔvi, si me nɔnɔmetatawo le me la kpɔma? Wole gbɔgblɔm be: Yehowa mele mía kpɔm o, Yehowa gblẽ anyigba la ɖi!
13
Emegbe wògblɔ nam bena: Egale ŋunyɔnu gã, siwo wɔm wole la, kpɔ ge.
14
Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo, si le anyiehe gome la nu, kpɔ ɖa, nyɔnuwo bɔbɔ nɔ afima le fafam na Tamus.
15
Eye wògblɔ nam bena: Amevi, èkpɔea? Egale ŋunyɔnu gãwo kpɔ ge wu esia.
16
Eye wòkplɔm va Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnu metɔ, kpɔ ɖa, ano ŋutsu blave vo atɔ̃ le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mo nu le akpata la kple vɔsamlekpui la dome, wòtrɔ megbe ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la, eye wotrɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe hele gbe dom ɖa na ɣe do de ɣedzeƒe gome.
17
Eye wògblɔ nam be: Amevi, èkpɔea? Ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe ŋunyɔnu, siwo wɔm wòle le afisia, mesɔ gbɔ nɛ o, hafi wotsɔ ŋutasesẽ le anyigba dzi yɔm, eye wole dziku dom nam de edzia? Kpɔ ɖa, wotso hahlayɛ le dodom ɖe woƒe ŋɔti nu.
18
Eyata nye hã mawo nu le dziku me, nye ŋku makpɔ nublanui o, eye nyemakpɔ wo ta o; eye me wodo ɣli ɖe to me nam sesĩe hã la, nyemasee na wo o.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48