bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezekiel 35
Ezekiel 35
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 36 →
1
Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:
2
Amevi, trɔ mo de Seir-to la, eye nagblɔ nya ɖi ɖe eŋu
3
gblɔ nɛ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Seir-to, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, mado nye asi ɖa ɖe ŋuwo, eye matsɔ wò awɔ gbegbe kple aƒedoe.
4
Mado aƒe do wò duwo, eye wò ŋutɔ azu gbegbe, ne nadze sii be, nyee nye Yehowa.
5
Esi nèlé fu ame ɖikaɖika, eye nètsɔ Israel-viwo de asi na yi ie dzɔgbevɔ̃eɣi kple vodadawo ƒe nuwuwu la,
6
eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ne nyematsɔ wò awɔ ʋui, eye ʋu nati yowòme o fi! Ʋuhlɔ̃e nèdo, eyata ʋu ati yowòme!
7
Matsɔ Seir-to la awɔ aƒedo kple gbegbee, eye matsrɔ̃ amesiwo vana kple amesiwo dzona la ɖa le edzi.
8
Matsɔ wò ame tsiaʋawo ayɔ wò towo dzii, eye amesiwo woda yii la, atsi wò togbɛwo dzi, wò baliwo me kple wò gbadzaƒewo katã.
9
Matsɔ wò awɔ gbegbee ɖikaa, eye wò duwo atsi anyi aƒedoe, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.
10
Esi nèle gbɔgblɔm be, dukɔ eve mawo kple anyigba eve mawo anye ye tɔ, eye yewoe axɔe wòanye yewo tɔ, evɔ wònye Yehowa nɔ afima kpɔ hafi la,
11
eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Mawɔ nu kpli wò ɖe wò dɔmedzoe kple wò ŋuʋaʋã nu, abe alesi nele fu wo wɔ ene, eye maɖe ɖokuinye afia le wo dome, ne medrɔ̃ ʋɔnu wò.
12
Eye nadze sii be, nye Yehowa mese wò ɖiŋudonya, siwo katã negblɔ ɖe Israel ƒe towo ŋu bena: „Wòzu gbegbe, miawoe wotsɔe na, be miaɖu.“
13
Mietsɔ miaƒe nuwo ƒo adegbe ɖe ŋunye, eye miedudu nya ƒo ɖi bababa ɖe ŋunye mese.
14
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsɔ wò awɔ gbegbee, ne dzi nadzo anyigba blibo la.
15
Alesi nekpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe aƒe la ƒe anyigba ŋu be, ezu gbegbe la, nenema ke mawo wòe; Seir-to kple Edom blibo la azu gbegbe, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48