bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezekiel 30
Ezekiel 30
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 31 →
1
Eye Yehowa ƒe gbe va nam bena:
2
Amevi, gblɔ nya ɖi gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mixa nu be: Baba na ŋkeke la!
3
Elabena ŋkeke la gogo, Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, blukɔdogbe anye dukɔwo ƒe azã la.
4
Yi age ɖe Egipte, eye ŋɔdzi alé Kus, nenye be, amewo tsi aʋa le Egipte, wolɔ eƒe kesinɔnuwo dzoe, eye wogbã eƒe agunuwo.
5
Kus, Put, Lud kple dukɔ tsakatsakawo katã, Lub kple dzoɖuxɔlɔ̃wo ƒe viwo atsi yi nu akpe ɖe wo ŋu.
6
Ale Yehowa gblɔ esi; Egipte ƒe ziɔɖeŋu amũ, eye eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo ayi to; woatsi yi nu tso Migdol vaseɖe Siene, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
7
Woatsi gbegbe le anyigba, siwo wogblẽ la dome, eye eƒe duwo anɔ du gbagbãwo dome.
8
Eye wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne medo dzo ɖe Egipte, eye megbã eƒe xɔnametɔwo katã nyanyanya.
9
Gbemagbe la ame dɔdɔwo atso gbɔnye aɖo ʋuwo, ne woaɖado vɔ̃ɖi na Kus, si li bɔkɔɔ la, eye ŋɔdzi alé wo le Egipte ƒe ŋkeke la ta; elabena kpɔ ɖa, ele vava ge.
10
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi Egipte ƒe hoowɔwɔ nu to Babel-fia Nebukadnezar dzi.
11
Woakplɔ eya kple eƒe dukɔ, si nye dukɔ sẽŋuta la vɛ, ne woagblẽ anyigba la, woadi woƒe yiwo ɖe Egipte ŋu, eye woatsɔ ame tsiaʋawo ayɔ anyigba dzi fũ.
12
Mana tɔsisiwo naƒu kplakplakpla; matsɔ anyigba la adzra na ame vɔ̃ɖiwo, eye mana ame tutɔwo nagblẽ anyigba la kple edzi nuwo. Nye Yehowa ye ƒo nu!
13
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsrɔ̃ legbawo, eye mana trɔ̃wo nu natso le Nof, amegãa ɖeke maganɔ Egipte-nyigba nu azɔ o, eye makaka ŋɔdzi ɖe Egipte-nyigba dzi.
14
Matsrɔ̃ Patros, matɔ dzo Zoan, eye mahe to na No;
15
matrɔ nye dziku akɔ ɖe Sin, si nye Egipte ƒe mɔ̃ sesẽ la dzi, eye matsi hoowɔwɔ nu le No.
16
Matɔ dzo Egipte: Sin alé ku ŋɔdzitɔe, woagbã No, eye woaxaxa Nof ɖo le ŋdɔkutsu dzatsɛ.
17
On kple Pibeset ƒe ɖekakpuiwo atsi yi nu, eye nyɔnuwo ayi aboyo me.
18
Ŋkeke ado viviti le Taxpanxes, ne meŋe Egipte ƒe atikplɔ, eye mena eƒe ŋusẽ ƒe adegbeƒoƒo nu tso; blukɔ atsyɔ eya ŋutɔ, eye woade aboyo eƒe duwo.
19
Eye mahe to na Egipte, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.
20
Le ƒe wuiɖekɛlia me, le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke adrelia dzi la Yehowa ƒe gbe va nam bena:
21
Amevi, meŋe alɔ na Egipte-fia Farao, womablae, ne wòahaya o, eye womablae, ne ŋusẽ naɖo eŋu, ne wòalé yi o.
22
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maƒo ɖe Egipte-fia Farao dzi, eye míaŋe eƒe alɔwo, nyuitɔ kple ŋeŋea, eye mana yi nage le esi.
23
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi.
24
Maɖo ŋusẽ Babel-fia ƒe alo, eye matso nye yi ade asi nɛ; maŋe Farao ƒe alo, eye wòano ŋeŋem le eƒe ŋku me, abe alesi ame tsiaʋa ŋenae ene.
25
Mado ŋusẽ Babel-fia ƒe alɔ, ke Farao ƒe alɔ aɖiɖi ɖe anyi, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa, ne metsɔ nye yi de asi na Babel-fia, be wòado ɖe Egipte-nyigba dzi.
26
Makaka Egiptetɔwo ɖe dukɔwo dome, eye mahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.
← Chapter 29
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 31 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48