bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Proverbs 11
Proverbs 11
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
1
Nuɖanu amebatɔ enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nudanu blibo dzea eŋu.
2
Afisi dàda le la, afima ŋukpe hã le; ke amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le?
3
Fɔmaɖi enye nuteƒewɔlawo kplɔla; ke alakpa tsrɔ̃a ame mawɔnuteƒewo.
4
Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.
5
Ame maɖifɔ ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ na; ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ tsɔnɛ ƒua anyi.
6
Nuteƒewɔlawo ƒe dzɔdzɔenyenye ɖea wo; ke ame mawɔnuteƒewo ŋutɔ ƒe dzodzro wotsɔna léa woa.
7
Ne ame vɔ̃ɖi la ku la, ekema eƒe mɔkpɔkpɔ nu yi, eye ame vlowo ƒe lala zu ya.
8
Woɖea ame dzɔdzɔe tsoa hiã me, eye ame vɔ̃ɖi xɔna ɖe eteƒe.
9
Yakamewo ƒe nuƒoƒo tsrɔ̃a wo haviwo; ke nunya wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.
10
Ne enyo na ame dzɔdzɔewo la, ɖu kpɔa dzidzɔ; eye ne ame vɔ̃ɖiwo tsrɔ̃ la, aseye ɖina.
11
Nuteƒewɔlawo ƒe yayra nana ɖu ƒe ŋkɔ ɖea dzi; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu nana wogbãnɛ ƒua anyi.
12
Ame manyanu doa vlo ehavi; ke ame nyanu zia kpi.
13
Amegɔmezɔla nua go nya ɣaɣla, ke nyateƒetɔ ɣlaa nya.
14
Ne kplɔla meli o la, dukɔ yia to, ke ɖeɖe toa adaŋudela geɖewo dzi.
15
Amesi ƒu asi akɔ de ame bubu nu la, eme menyo nɛ o; ke amesi gbe fenuléle la, anɔ dedie.
16
Nyɔnu nyodɔme ƒe asi sua bubu dzi; ke ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi.
17
Dɔmenyotɔ woa nyuie na eya ŋutɔ ɖokui; ke ŋutasẽla wɔa nu vevee eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.
18
Ame vɔ̃ɖi kpɔa viɖe ƒuƒlu; ke amesi ƒãa dzɔdzɔenyenye la, akpɔ fetu vavã.
19
Dzɔdzɔenyenye vavã hea agbe ve; ke vɔ̃ɖiyometiti hea ku vɛ.
20
Amesiwo si alakpadzi le la, ŋunyɔ wònye na Yehowa; ke amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la, ƒe nu nyea eŋu.
21
Mina míatso gbe, ne woahagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fi! Ke woade ame dzɔdzɔe ƒe ƒome ya.
22
Nyanu dzetugbee, si nye avɔ la, le abe aƒeha, si sikagɛ le ŋɔti me na ene.
23
Ame dzɔdzɔewo ƒe didi enye dzɔgbenyuie ɖeɖe sɔŋ; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ enye dziku.
24
Amea ɖewo na nu geɖe, ke wokpɔa ho ɖe edzi; amea ɖewo vea nu le nusi dze be, woawɔ la gbɔ, ke ahe ko wodana.
25
Woaɖi ƒo na luʋɔ dɔmenyotɔ la taŋ, eye woana tsi amesi na tsi wono.
26
Amesi mia asi ɖe bli dzi la, amewo aɖo ɖiŋu nɛ, ke yayra ava blidzrala ƒe ta dzi.
27
Ani esi ti nyuie yome la, eƒe nu adze ame ŋu; ke amesi di vɔ̃ la, ado goe.
28
Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi; ke ame dzɔdzɔewo ade ama abe aŋgba ene.
29
Amesi gblẽ eƒe aƒe la, aɖu aya; eye bometsila azu dɔla na nunyala.
30
Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse enye agbeti, eye nunyala xɔa dziwo na eɖokui.
31
Kpɔ ɖa, woɖoa eteƒe na ame dzɔdzɔe ke hã le anyigba dzi, ʋuu keke wòayi ame vɔ̃ɖiwo kple nuvɔ̃wɔlawo nye gea?
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31