bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Proverbs 23
Proverbs 23
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
1
Ne mia kple dziɖulaa ɖe miebɔbɔ nɔ anyi, be yewoaɖu nu la, ekema ɖe ŋku ɖe amesi le ŋkuwò me la vevie;
2
nenye nudzrola nenye la, ekema naɖo hɛ wò vehlo dzi!
3
Eƒe nuɖuɖu viviawo megadzro wò o, elabena alakpanuɖuɖu wònye.
4
Meganɔ kutri kum, be nakpɔ ho o; dzudzɔ wò tameɖoɖo sia!
5
Ne èkpɔe ɖa la, maganɔ anyi o, elabena eto aʋala hedzo yi dzi abe hɔ̃ ene.
6
Megaɖu damevevetɔ ƒe abolo o, eye eƒe nuduɖu vivi megadzro wò o!
7
Egblɔ na wò be, „Ɖu nu, nano nu!“ ke eƒe dzi mele ŋuwò o, elabena alesi wòbu de dzi me la, nenema eyama le.
8
Nusi nèdu la, ele na wò be, nadzɔe, eye ètsɔ wò nya viviwo hã de aka.
9
Megaƒo nu ɖe bometsila ƒe le me o, elabena ɖeko wòado vlo wò nunya ƒe nyawo.
10
Megatrɔ liƒo xoxowo o, eye megage ɖe tsyɔ̃eviwo ƒe agble me o;
11
elabena woƒe xɔnametɔ sesẽ, eye wòawɔ dzre kpli wò na wo.
12
Trɔ wò dzi ɖe amehehe ŋu kple wò to ɖe sidzedze ƒe nyawo ŋu.
13
Megagbe tohehe na ŋutsuvi la o; ne èƒoe kple ati la, menye kuku ge wòala o.
14
Eƒoe kple ati, eye nèɖe eƒe luʋɔ tso tsiẽƒe.
15
Vinye, ne wò dzi dze nunya la, ekema nye hã nye dzi akpe dzidzɔ,
16
eye nye ayikuwo agli kple dzidzɔ, nenye be, wò nuyiwo gblɔa nusi la eteƒe la.
17
Wò dzi megaʋa ŋu nuvɔ̃wɔlawo o, ke boŋ neʋã ŋu Yehowa-vɔvɔ̃ ɣeawokatãɣi.
18
Vavãe, ɣeyiɣi li gbɔna, eye wò mɔkpɔkpɔ mazu dzodzro o.
19
Vinye, see, eye nadze nunya, eye naɖo wò dzi mɔ dzɔdzɔe dzi.
20
Meganɔ weintsunolawo kple lãtsuɖulawo dome o.
21
Elabena ahatsunola kple nutsuɖula ɖe wodaa ahe, eye alɔ̃tsudɔla ɖe wònɔa ɖuvu me.
22
Ɖo to folowò, si dzi wò, eye megado vlo dawo, ne eku nyagã o!
23
Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!
24
Ame dzɔdzɔe fofo tsoa aseye, eye ne amea ɖe dzi vi nyanu la, ekpɔa dzidzɔ le eŋu.
25
Fofowò kple dawò akpɔ dzidzɔ, eye dawò atso aseye.
26
Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.
27
Elabena nyɔnu ahasitɔ la, ʋe globo wònye, eye vudo xaxɛ nye gbolo.
28
E, ede xa ɖi abe adzodala ene, eye wole ame dzegowo dzim ɖe dzi le amegbetɔwo dome.
29
Amekae ɖea hũ? amekae sea veve? amekae xaa nu? amekae xɔa abi yakatsyɔ? ameka ƒe ŋku dzie wona dɔ̃?
30
Amesiwo tsia wein te dedie la tɔe; amesiwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe.
31
Megade ŋku de wein, alesi wòbiã kple alesi wòle dzo sim le kplu me kpakple alesi wominɛ wóli la o.
32
Ke emegbe la eɖua ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.
33
Wò ŋkuwo akpɔ nu tutɔwo, eye wò dzi anɔ nya baɖawo gblɔm.
34
Anɔ abe amesi le atsiaƒu gɔme kple amesi le abalati la me ene.
35
„Woƒom, ke mevem o; wotu kɔm, nyemesee o. Ɣekaɣi gɔ manyɔ, ne magaɖi eyome mɔ?“
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31