bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Proverbs 14
Proverbs 14
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
1
Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.
2
Amesi vɔ̃a Yehowa la, toa mɔ dzɔdzɔe dzi; ke amesi toa mɔ gɔglɔ̃ dzi la, doa vloe.
3
Bometsila ƒe nu enye ameƒoti hena eƒe dàda; ke nunyalawo ƒe nuyi kpoa wo dzi.
4
Ne nyiwo meli o la, lãto me ɖia ƒuƒlu; ke nyitsu ƒe ŋusẽ wotsɔna kpɔa agblemenu geɖe.
5
Ɖasefo nyateƒetɔ mekaa aʋatso o; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa.
6
Fewuɖula le nunya dim ʋuu do kpoa; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmeselawo.
7
Te ɖa le bometsila gbɔ, elabena mèdzea si gɔmesese ƒe nuyiwo o.
8
Nunyalawo ƒe ayedzedze enye be, woalé ŋku ɖe woƒe zɔzɔme ŋu; ke bometsilawo ƒe bometsitsi enye alakpa.
9
Avulévɔsa le alɔme ɖem le bometsilawo ŋu; ke ŋudzedze kpɔkpɔ le nuteƒewɔlawo dome.
10
Dzi nya eya ŋutɔ ƒe nuxaxa, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖee ti o.
11
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe agblẽ, ke nuteƒewɔlawo ƒe agbadɔ ade ama.
12
Amea ɖewo ƒe mɔ dzɔ le wo ŋku me; ke eƒe nuwuwu enye ku ƒe mɔ.
13
Veve le dzi me wotoa egbɔ koa nu; ke dzidzɔ sia ƒe nuwuwu nyea nuxaxa.
14
Tosẽla ƒe zɔzɔme ɖia ƒo nɛ, nenema enye ame nyui ƒe nuwɔwɔ hã.
15
Amebebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖè eƒe afɔɖeɖe ŋu.
16
Nunyala vɔ̃na, eye wòtsria vɔ̃; ke bometsila nyrãna, eye wòɖoa dzi ɖe eɖokui ŋu.
17
Dɔmedzoetɔ wɔa bometsinu; woalé fu amesi ɖoa aye ɖe tame
18
Amebebewuwo tae nye bometsitsi, ke nunyalawo vaa sidzedze goŋgoŋ.
19
Ame vɔ̃ɖilɔwo abɔbɔ na ame nyuiwo, eye nuvɔ̃wɔlawo anɔ ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu.
20
Ame dahe ƒe hatiwo ke hã léa fui; ke xɔlɔ̃ bɔ ɖe kesinɔtɔ si.
21
Amesi doa vlo ehavi la, ewɔ nuvɔ̃; ke amesi vea hiãtɔ nu la, woayrae!
22
Ɖe amesiwo ɖoa vɔ̃ ɖe tame la, metrana oa? Ke amenuveve kple nyateƒe vana na amesiwo ɖoa nyuie ɖe tame.
23
Agbagbadzedze hea viɖe ve; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã vɛ.
24
Nunyalawo ƒe kesinɔnu enye fiakuku; ke bometsilawo ƒe bometsitsi la, bometsitsi ko wònye.
25
Ɖasefo nyateƒetɔ enye amexɔla ɖe agbe; ke aʋatsoɖasefo enye alakpatɔ!
26
Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me, eye sitsoƒe wònye na viawo.
27
Yehowa-vɔvɔ enye agbevudo, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.
28
Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me; ke ne amewo zu ʋee la, ekema amegãɖuɖu yi to.
29
Dzigbɔɖitɔ la, nunya geɖe le esi; ke dɔmedzoetɔ ɖoa boblo bometsitsi.
30
Dzi nyodɔme enye agbe le lã me; ke ŋuʋaʋã enye ŋuɖui le ƒuwo me.
31
Amesi te ame tsa ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, ɖea bubu eŋu.
32
Woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ atutui aƒu anyi; ke ame dzɔdzɔe la akpɔ sitsoƒe le eƒe ku me.
33
Nunya le nugɔmeselawo ƒe dzi me, eye wòɖea eɖokui fiana le bometsilawo dome.
34
Dzɔdzɔenyenye ɖoa dukɔ ɖe dzi; ke nuvɔ̃ enye anyigbadzitɔwo ƒe ahɔhlɔ̃bɔbɔ.
35
Dɔla nyanu ƒe nu anye fia ŋu; ke ado dziku ɖe esi wɔa ŋukpenanu la ŋu.
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31