bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Proverbs 3
Proverbs 3
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
1
Vinye, megaŋlɔ nye nufiame be ti, eye wò dzi nedzra nye sededewo ɖo;
2
elabena woade agbenɔnɔ didi, ƒe nyuiwo kple ŋutifafa va na wò kpaŋkpaŋ.
3
Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o; tsɔ wo de kɔ, ŋlɔ wo ɖe wò dzi ƒe kpe dzi;
4
ekema amenuveve kple gɔmesese nyui asu asiwo le Mawu kple amegbetɔwo ŋku me.
5
Ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.
6
Le ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.
7
Meganye nunyala le ɖokuiwò ŋku me o, vɔ̃ Yehowa, eye natsri va;
8
ekema esia ada gbe le wò ƒodo ŋu, eye woana wò ƒuwo me nafa miaa.
9
Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãlɔwo du bubu Yehowa ŋu,
10
ekema nu ayɔ wò ava taŋtaŋ, eye wein agbagba ɖe wò ahafiãƒe.
11
Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o!
12
Elabena amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.
13
Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi.
14
Elabena eƒeƒle nyo wu klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta.
15
Exɔ asi wu adzagba, eye wò nuveviwo katã mede enu o.
16
Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.
17
Eƒe mɔwo nye mɔ vivi, eye eƒe toƒewo katã nye ŋutifafa.
18
Agbeti wònye na amesiwo lee ɖe asi, eye woayra amesi vãe goŋgoŋ la.
19
Nunyae Yehowa ŋutɔ tsa ɖo anyigba gome anyii, eye gɔmesese wòtsɔ li ke dziƒoe.
20
Eƒe sidzedze na towo gɔme ŋɔ, eye alilikpowo dza zãmu.
21
Vinye, megana woate da le ŋkuwò me o; le nunya vavã kple tamebubu me ɖe asi sesie;
22
ekema woanye agbe na wò kple atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.
23
Ekema ale wò mɔ atsɔ dedie, eye wò afɔ makli naneke o.
24
Ne èmlɔ anyi la, màɖi vo o, ke boŋ alɔ̃ avivi na wò.
25
Ne ŋɔdzi ƒo ɖi kpoyi, eye gbegblẽ va ame vɔ̃ɖiwo dzi la, dzika metso ƒowò o.
26
Elabena Yehowa ye nye wò ŋuɖoɖeŋutɔ, eye wòakpɔ wò afɔ dzi tso mɔ̃ me.
27
Megãte nu nyui hiãtɔ, nenye be ŋutete le ŋuwò na ewɔwɔ o.
28
Ne ele asiwò la, megagblɔ na hawòvi be: „Heyi, ne nagava, etsɔ hã mana wò“ o!
29
Megabu vɔ̃ ɖe hawòvi ŋu, esime wòɖe dzi ɖi le gbɔwò o.
30
Megawɔ dzre kple amea ɖeke yakatsyɔ, ne mewɔ vɔ̃a ɖeke wò o.
31
Megaʋã ŋu sesẽnuɖula o, eye eƒe mɔã ɖeke megadze ŋuwo o.
32
Elabena godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.
33
Yehowa ƒe fiƒode le ame vɔ̃ɖi la ƒe me, ke eyraa ame dzɔdzɔe la nɔƒe.
34
Eɖua fewu le fewuɖulawo ŋu, ke evea ame bɔbɔɖeanyiwo ya nu.
35
Bubu anye nunyalawo ƒe gome, ke ŋukpe alé bometsilawo.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31