bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Proverbs 21
Proverbs 21
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
1
Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.
2
Ŋutsu be mɔwo katã dzɔ le eŋku me; ke Yehowa ye daa dziwo kpɔna.
3
Nusi dzɔ, eye wòle eteƒe la, wɔwɔ nyo Yehowa ŋu wu vɔsa.
4
Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.
5
Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ; ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.
6
Alakpaɖe tsɔtsɔ kpɔ kesinɔnui enye ƒuƒu, si nu yina, ku ƒe mɔ̃ wònye.
7
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe sesẽnuwɔwɔ tsrɔ̃a wo; elabena wogbea nusi dzɔ la wɔwɔ.
8
Ŋutsu fɔɖila ƒe mɔ gɔdɔ; ke ame dzadzɛ la ƒe nuwɔwɔ toe mɔ ɖeka.
9
Enyo, ne woanɔ dzogoe dzi le xɔta wu nyɔnu nyawɔla nana aƒe me kple ame.
10
Ame vɔ̃ɖi ƒe luʋɔ le vɔ̃ yome dim, ehavi ƒe nu mewɔa nublanui nɛ o.
11
Ne wohe to na fewuɖula la, ekema amebebewu dzea nunya; ke ne wofia nu nunyala la, edzea si nu.
12
Dzɔdzɔetɔ la ɖea ŋku ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe aƒe ŋu, eye wòkplɔa gbegblẽ ƒua ame vɔ̃ɖiwo.
13
Amesi xe nu to me ɖe ame dahewo ƒe ɣlidodo la, eya hã ado ɣli, eye womesea o.
14
Adzamenunana faa dɔmedzoe nu, eye zãnunana, si wohe ɖe akɔnu vɛ la, laa adãwɔwɔ nu.
15
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ enye dzidzɔ na ame dzɔdzɔe; ke enye ŋɔdzi na nu madzɔmadzɔ wɔlawo.
16
Amesi tra tso gɔmesese ƒe mɔ dzi la, agbɔ ɖe eme le ŋɔliwo ƒe takpeƒe.
17
Amesi lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ la, azu hiãtɔ; eye amesi lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe la, makpa ho o.
18
Ame vɔ̃ɖi enye avulénu ɖe ame dzɔdzɔe nu, eye ame mawɔnuteƒewo xɔna de nuteƒewɔla teƒe.
19
Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.
20
Nu xɔasiwo kple ami le nunya ƒe me, ke bometsila tsɔa wo doa dzodzoe.
21
Amesi ti dzɔdzɔenywnye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.
22
Nunyala ha kalẽtɔwo ƒe du, eye wòmũa woƒe kpoƒuƒu, si ŋu wole dzi ɖom do la, ƒua anyi.
23
Amesi dzraa eƒe nu kple aɖe ɖo la, dzraa eƒe agbe ɖo tso hiã me.
24
Dadala kple adegbeƒola, si wɔa nu tovo vivivo la, woyɔna be fewuɖula.
25
Kuviatɔ ƒe nudzodzro wunɛ, elabena eƒe asi gbe dɔwɔwɔ.
26
Wole nu dim gbawotsyogbe; ke ame dzɔdzɔe la naa nu, eye metea ame o.
27
Ŋunyɔ enye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔsa, aleke wòahanɔ, nenye ŋukpenanuwɔwɔ ta wohee vɛ ɖo?
28
Aʋatsoɖasefo atsrɔ̃; ke amesi se nya kple to la, aƒo nu ɣesiaɣi.
29
Ame vɔ̃ɖi ɖoa mo vloe; ke nuteƒewɔla léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu.
30
Nunya kple gɔmesese kpakple aɖaŋuɖoɖoa ɖeke meli ɖe Yehowa ŋu o.
31
Woblaa akpa na sɔ ɖe aʋawɔgbe ŋu, ke Yehowa si mee dziɖuɖu le.
← Chapter 20
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 22 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31