bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Song of Solomon 1
Song of Solomon 1
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 2 →
1
Salomo hawo ƒe ha.
2
Etsɔ wo nu gbugbɔ nu nam, elabena wo lɔlɔ̃ nyo wu wein.
3
Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo.
4
Kplɔm yii, na míaɖe abla! Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wein; amewo lɔ̃a wò ɖe eteƒe.
5
Yerusalem-nyɔnuviwo, menye ame yi, gake menye abe Kedar ƒe agbadɔwo kple Salomo ƒe kuntruwo ene.
6
Migamɔ kpɔyem be, menya alea o, elabena ɣee ɖum. Danye viŋutsuwo ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye; wotsɔm ɖo weingbledzɔlae, ke nyemedzɔ nye ŋutɔ nye weingble ŋu o.
7
Wò, amesi nye lunɔ lɔ̃na, gblɔe nam dzro: Afikanènyia lãwo le, eye afika wotsyɔa akɔ ɖo le ŋɖɔ me? Nukaŋuti manɔ tsa glãla tsam le hawòviwo ƒe lãhawo gbɔ?
8
Wò tugbedzɛ le nyɔnuwo dome, ne mènyae o la, ekema do go, eye naɖo lãhawo ƒe afɔ, eye nanyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ!
9
Xɔ̃nye, èle abe nye sɔnɔ le Farao ƒe tasiaɖam ŋu ene.
10
Dzonu le tonu na wò nyuie, eye adzagba le kɔ na wò.
11
Míatu sikakɔsɔkɔsɔ kple klosalokpeviwo na wò.
12
Esime fia la bɔbɔ nɔ eƒe ablegɔ me la, nye gbe ʋeʋẽewo ɖe ya.
13
Nye lɔlɔ̃tɔ le ahe miregoe le akɔnu nam ene.
14
Nye lɔlɔ̃tɔ nye koferseƒoƒo nam le Engedi-weingblewo me.
15
Edze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe loo! Wò ŋkuwo le abe ahɔne ƒe ŋkuwo ene.
16
Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka, eye nènyo; mía dɔƒe ɖe ama.
17
Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedertiwo, eye míaƒe xɔmeɖoʋuƒowo nye fɔfɔlĩ.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8