bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Song of Solomon 2
Song of Solomon 2
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 3 →
1
Nyee nye seƒoƒo le Saron kple dzogbenya le baliwo me.
2
Alesi dzogbenya noa aŋɔka mea le nenema xɔ̃nye le nyɔnuviwo domee.
3
Alesi atɔlɔŋutiti le avemetiwo domee la, nenema nye lɔlɔ̃tɔ le ɖekakpuiwo domee. Melɔ̃a eƒe vɔvɔli te nɔnɔ, eye eƒe kutsetsewo vivina le nye nu me.
4
Ekplɔm yi weinxɔ me, eye lɔlɔ̃ enye eƒe aflaga le dzinye.
5
Mi tso weintsetsebolo de agbe ŋunye, eye mitsɔ atɔtɔŋuti fa dzi nam, ale bena lɔlɔ̃ de dɔ la me nam.
6
Etsɔ eƒe mía de nye ta te, eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kple kɔ nam.
7
Yerusalem-nyɔnuviwo, meta sãde alo zinɔ le gbe me ne mi: Miganyɔ lɔlɔ̃ o, migaʋuʋui o, vaseɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi!
8
Nye lɔlɔ̃tɔ ŋkɔ le ɖiɖim! Kpɔ ɖa, eya nye ekem gbɔna; ele kpo dzom flɔ towo, eye wòle kpo tim flɔ togbɛwo.
9
Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene, ele tsitre ɖe míaƒe gli te xoxo. Ele nu kpɔm to fesre nu, eye wòɖo ŋku ɖe adzrala nu.
10
Nye lɔlɔ̃tɔ xɔ edzi gblɔ nam bena: Xɔ̃nye, tso; nye tugbedzɛ, va!
11
Elabena vuvɔŋɔli yi aƒe, tsidzadza ke, eye enu yi.
12
Seƒoƒowo ɖo ɖe anyigba dzi, weinkawo ŋu ɖeɣi ɖo, eye wole akpakpa ƒe xɔxlɔ sem le míaƒe anyigba dzi.
13
Gboti ƒe tsetsewo ɖe asi ɖiɖi me, eye weinka ƒe seƒoƒowo le ya ɖem nyuie. Tso, xɔnye, nye tugbedzɛ, va!
14
Nye ahɔne le kpetowo me, le agawo ƒe globoeaƒe; na makpɔ ŋkuwò me, na mase wò gbe! Elabena wò gbe vivina, eye ŋkuwò me nyo.
15
Milé abeiwo na mi, abeiviwo, siwo gblẽa weingblewo; elabena míaƒe weingblewo ƒo se.
16
Tɔnyee nye nye lɔlɔ̃tɔ la, eye nye hã menye etɔ, eya amesi nyia lãwo le dzogbenyawo me.
17
Nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ, hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi, eye nanɔ abe sãde alo zivi le atike ʋeʋẽe towo dzi ene!
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8