bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 John 1
1 John 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
1
Míele agbalẽ sia ŋlɔm na mi tso nya si naa agbe si li tso keke gɔmedzedzea me ke la ŋu. Ɖe míese nya sia hekpɔe kple míawo ŋutɔ míaƒe ŋkuwo. Nyateƒee, ɖe míekpɔe tututu, eye míeka asi eŋu hã.
2
Esi woɖe nya si naa agbe la ɖe go la, míekpɔe. Ale míeƒo nu le eŋu heɖe gbeƒã agbe mavɔ si le Tɔ́ la gbɔ, esi wona míawo hã míenya la, na mi.
3
Nu si míekpɔ hese la, eya gblɔm míele na miawo hã, ale be miawo hã miava kpe ɖe mía ŋu, ne míade ha kple Tɔ́ la kpakple Via Yesu Kristo.
4
Ale míele agbalẽ sia ŋlɔm na mi, bene dzidzɔ si kpɔm míele la nade blibo.
5
Azɔ la, nya si míese tso Vi la gbɔ, eye míetsɔe le gbeƒã ɖem na mi lae nye be: Mawu nye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme kura o.
6
Ne míegblɔ be míele hadede me kplii, evɔ míegale zɔzɔm le viviti me kokoko la, ekema míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna nye alakpa ɖeɖe sɔŋ.
7
Ne míele kekeli la me, abe ale si eya ŋutɔ hã le kekeli la me la ene la, ekema míele ha dem kple mía nɔewo, eye Via Yesu ƒe ʋu la klɔ nuvɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋuti keŋ.
8
Ne míegblɔ be nuvɔ̃ mele mía ŋu o la, míeble mía ɖokui, eye nyateƒe la mele mía me o.
9
Ke ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃ me la, Mawu awɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe ko la na mí. Eyae nye be atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ nu madzɔmadzɔ siwo katã míewɔ la ɖa le mía ŋu.
10
Evɔ ne míegblɔ be nuvɔ̃ mele mía ŋu o la, míedo aʋatsokala Mawu eye eƒe nya la mele mía me o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5