bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 John 4
1 John 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
1
Nye lɔlɔ̃tɔwo, migaxɔ ame siwo katã gblɔna be Gbɔgbɔ la le yewo me la dzi se o, ke mido wo kpɔ, ne miakpɔ ɖa be Gbɔgbɔ si le wo me la tso Mawu gbɔ vavã mahã. Elabe aʋatsogbeƒãɖela geɖewo do go le tsatsam le xexea me.
2
Nu si miakpɔ anya be Gbɔgbɔ la tso Mawu gbɔe nye esi: Ame si gblɔna be Yesu Kristo va abe amegbetɔ ene la ƒe Gbɔgbɔ la tso Mawu gbɔ.
3
Ke ame si meʋua Yesu me alea o la ƒe gbɔgbɔ la metso Mawu gbɔ o. Yesu ƒe futɔ ƒe gbɔgbɔ si ŋkɔ miese be egbɔna lae nye esia, eye azɔ la eva ɖo xexea me.
4
Vinyewo, Mawu tɔwoe mienye eye mieɖu aʋatsogbeƒãɖela siawo dzi, elabe ame si ƒe Gbɔgbɔ le mia me la ƒe ŋusẽ tri akɔ wu ame siwo le xexea me la ƒe gbɔgbɔ tɔ.
5
Esi wònye xexea me wotso ta la, xexea me nuwo ŋu ko woƒoa nu tsonɛ, eye ame siwo tso xexea me la ɖoa to wo.
6
Ke míawo la, Mawu tɔwoe míenye. Ame sia ame si nya Mawu la, ɖoa to mí, eye ame si ke menye Mawu tɔ o la, meɖoa to mí o. Nu sia míekpɔna hedzea si Gbɔgbɔ si nye nyateƒe tɔ kple esi nye alakpa tɔ la.
7
Nye lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mia nɔewo, elabe Mawu gbɔe lɔlɔ̃ tso. Ame sia ame si lɔ̃a ame la, Mawu vie wònye, eye wòdze si Mawu.
8
Ame sia ame si melɔ̃a ame o la, medze si Mawu o, elabe Mawu nye lɔlɔ̃.
9
Ale si Mawu ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí lae nye be edɔ eya ŋutɔ Via ɖeka hɔ̃ la ɖo ɖe xexea me bene míanɔ agbe to eyama dzi.
10
To esia me la, míenya nu si koŋ nye lɔlɔ̃. Menye ale si míawo míelɔ̃ Mawu lae nye lɔlɔ̃ o, ke boŋ ale si Mawu lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa be wòanye ame si dzi yeato atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí lae nye lɔlɔ̃.
11
Nye lɔlɔ̃tɔwo, esi Mawu lɔ̃ mí alea ta la, ele na míawo hã be míalɔ̃ mía nɔewo.
12
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o. Ne míelɔ̃ mía nɔewo la, ekema Mawu le mía me, eye wòwɔ eƒe lɔlɔ̃ la wòde blibo le mía me.
13
Ale si míewɔ nya be míele Mawu me, eye Mawu hã le mía me lae nye be etsɔ eya ŋutɔ ƒe Gbɔgbɔ la na mí.
14
Míekpɔ esia, eye míetsɔe ɖe gbeƒãe na amewo be Tɔ́ la ɖo Via ɖa be wòava zu amewo Ɖela le xexea me.
15
Ame sia ame si ʋua eme be Yesue nye Mawu Vi la la, Mawu le eyama me, eye eya hã le Mawu me.
16
Ale míawo míedze si Mawu ƒe lɔlɔ̃ si wòtsɔ na mí la, eye míexɔ edzi se hã. Mawu nye lɔlɔ̃, eye ame sia ame si lɔ̃a ame la, ele Mawu me, eye Mawu hã le eme.
17
Esia ta wòle be lɔlɔ̃ nade blibo le mía me, ale be dzideƒo nanɔ mía si le ʋɔnudrɔ̃gbe la, elabe míaƒe agbenɔnɔ le xexea me sɔ kple Kristo tɔ.
18
Vɔvɔ̃ aɖeke mele lɔlɔ̃ me o, ke lɔlɔ̃ si de blibo la nyaa vɔvɔ̃ ɖa. Eya ta ame si vɔ̃na la ƒe lɔlɔ̃ mede blibo o, elabe vɔvɔ̃ hea tohehe vanɛ.
19
Míelɔ̃a Mawu elabe eyae lɔ̃ mí gbã.
20
Ne ame aɖe gblɔ be: “Melɔ̃ Mawu” evɔ wòlé fu nɔvia la, aʋatsokala wònye. Elabe ame sia ame si melɔ̃a nɔvia si wòkpɔna o la, mate ŋu alɔ̃ Mawu si mekpɔna o la hã o.
21
Ale se si Kristo na mí lae nye be: Ame sia ame si lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5