bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 John 5
1 John 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
1
Ame sia ame si xɔ se be Yesue nye Kristo la la, Mawu vi wònye. Ke ame sia ame si lɔ̃a dzila aɖe la, lɔ̃a via hã.
2
Eya ta ne míelɔ̃ Mawu, eye míewɔ eƒe seawo dzi la, ekema míenya be míelɔ̃ Mawu viwo hã.
3
Ne míewɔ Mawu ƒe seawo dzi la, ekema efia be míelɔ̃ eyama. Mawu ƒe seawo dzi wɔwɔ mesesẽ o,
4
elabe ame sia ame si nye Mawu vi la, ɖu xexea me dzi. Nu si míetsɔ ɖu xexea me dzi lae nye míaƒe xɔse.
5
Evɔ ɖe, ame kae ate ŋu aɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesu ye nye Mawu Vi la koe.
6
Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva le tsi ɖeɖe ko me o, ke boŋ eva le tsi la kple ʋu la me.
7
Gbɔgbɔ la ɖi ɖase be nyateƒee, elabe Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la.
8
Ɖasefo etɔ̃e li. Woawoe nye: Gbɔgbɔ la, tsi la kple ʋu la. Nu ɖeka dzi ko nu etɔ̃awo katã lɔ̃ ɖo.
9
Nenye be míexɔ amewo ƒe ɖaseɖiɖi dzi se la, ekema Mawu ƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe wu, elabe eya ɖi ɖase tso Via ŋu.
10
Ale ame sia ame si xɔ Mawu Vi la dzi se la, xɔ ɖaseɖiɖi la ɖe eɖokui me. Nenema ke ame sia ame si mexɔ Mawu dzi se o la, do aʋatsokala Mawu elabe mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o.
11
Ɖaseɖiɖi lae nye be Mawu tsɔ agbe mavɔ na mí, eye eyae nye agbe si le Via me.
12
Ame sia ame si xɔ Via la, agbe sia le eme. Nenema ke ame sia ame si mexɔ Mawu Vi la o la, agbe sia mele eme o.
13
Mele agbalẽ sia ŋlɔm na mi ame siwo xɔ Mawu Vi la dzi se, ale be mianya be agbe mavɔ su mia si.
14
Nu si na be míeɖoa dzi ɖe eŋu lae nye be, ne míebia nane le eƒe didi nu la, esenɛ.
15
Ne míenya be esea nu sia nu si míebianɛ la, ekema míenya hã be nu sia nu si míebiana la, míexɔnɛ tso egbɔ.
16
Ne ame aɖe kpɔ nɔvia wòle nuvɔ̃ aɖe si mehea ku vanɛ o la wɔm la, ele be wòado gbe ɖa na Mawu, ame si lana agbee. Ame siwo wɔa nuvɔ̃ si mehea ku vanɛ o la ƒe nyae nye esia. Ke nuvɔ̃ aɖe li si hea ku vanɛ. Menye nuvɔ̃ sia ƒomevi tae mebe woado gbe ɖa ɖo o.
17
Nu madzɔmadzɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ nye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ aɖewo ya li, siwo mehea ku vanɛ o.
18
Míenya be ame si nye Mawu vi la, mewɔa nuvɔ̃ o, elabe Mawu Vi la kpɔa eta, eye vɔ̃ɖitɔ la mewɔa nu vevi aɖekee o.
19
Míenya be Mawu tɔ míawo ya míenye, ke xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.
20
Míenya be Mawu Vi la va, eye wòna míese nu gɔme, ale be míedze si Mawu nyateƒetɔ la. Ame si nye nyateƒetɔ la mee míele agbe le: Ẽ, Via Yesu Kristo mee míele agbe le. Eyae nye Mawu nyateƒetɔ la kple agbe mavɔ la.
21
Vinyewo, mite ɖa le trɔ̃wo gbɔ.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
All chapters:
1
2
3
4
5