bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 John 3
1 John 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
1
Mikpɔ ale si gbegbe Tɔ́ la lɔ̃ mí la ɖa! Elɔ̃ mí ale gbegbe be woyɔa mí be Mawu viwo. Ẽ, nyateƒee, viawo míenye baa! Nu si ta koŋ xexea me medze si mí o lae nye be medze si Mawu o.
2
Nye lɔlɔ̃tɔwo, fifia la, Mawu viwo míenye. Nu si tututu míava zu koŋ la medze nyuie haɖe o. Ke míenyae be ne Kristo va do la, míanɔ abe eya ŋutɔ ene, eye ale si tututu wòle lae míakpɔ.
3
Ame sia ame si le mɔ kpɔm na Kristo alea la, kɔa eya ŋutɔ ɖokui ŋu, abe ale si Kristo hã le kɔkɔe ene.
4
Ame sia ame si wɔa nuvɔ̃ la, zu Mawu ƒe sedzidala. Nu vɔ̃ nye Mawu ƒe sedzidada.
5
Míenya be Kristo ɖe wòva be yeatsɔ amewo ƒe nuvɔ̃wo adzoe, eya ta nuvɔ̃ aɖeke mele eyama me o.
6
Ame sia ame si le hadede me kple Kristo la, mewɔa nuvɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa nuvɔ̃ la, mekpɔ Kristo kpɔ kaka ahayi si dze gee o.
7
Vinyewo, migana ame aɖeke nable mi o. Ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la le dzɔdzɔe abe ale si Kristo hã le dzɔdzɔe ene.
8
Ame si wɔa nuvɔ̃ la, vɔ̃ɖitɔ la tɔe wònye, elabe vɔ̃ɖitɔ la wɔ nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Nu si ta Mawu Vi la va ɖoe nye be yeagblẽ vɔ̃ɖitɔ la ƒe dɔwɔnawo keŋ.
9
Ame sia ame si nye Mawu vi la, mewɔa nuvɔ̃ o, elabe Mawu ƒe nɔnɔme le eyama me. Mate ŋu awɔ nuvɔ̃ o, elabe Mawue nye Tɔ́a.
10
Vovototo si le Mawu viwo kple vɔ̃ɖitɔ la viwo dome lae nye be: Ame sia ame si mewɔa nu dzɔdzɔe o, alo melɔ̃ nɔvia o la, menye Mawu vi o.
11
Gbedeasi si miese le gɔmedzedzea me lae nye be ele na mí be míalɔ̃ mía nɔewo.
12
Ke miganɔ abe Kain, ame si nye vɔ̃ɖitɔ vi eye wòwu nɔvia la ene o. Nu ka tae wòwui ɖo? Ewui, elabe eya ŋutɔ wɔ nuvɔ̃ɖi, ke nɔvia ya wɔ nu dzɔdzɔe.
13
Nɔvinyewo, megawɔ nuku na mi be ame siwo le xexea me lé fu mi o.
14
Le mía gome la, míenya be míeto ku me hege ɖe agbe la me, elabe míelɔ̃ mía nɔewo. Ame sia ame si melɔ̃ nɔvia o la, tsi ku me.
15
Ame sia ame si lé fu nɔvia la, amewulae, eye mienya be agbe mavɔ mele amewula aɖeke me o.
16
To esia me la, míenya nu si koŋ nye lɔlɔ̃: Eyae nye be Kristo tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta, eya ta ele na míawo hã be míatsɔ míaƒe agbe ana ɖe mía nɔewo ta.
17
Nenye be xexemenuwo le ame aɖe si, eye hiã tu nɔvia wòkpɔ, gake eƒe dzi meʋãe be yeakpe ɖe eŋu o la, ale ke wòate ŋu agblɔ le eya ŋutɔ ƒe dzime be yelɔ̃ Mawui?
18
Vinyewo, migana míatsɔ nya kple nuƒoƒo ko alɔ̃ amee o, ke boŋ míaƒe lɔlɔ̃ nanye nyateƒetɔ si adzé le míaƒe nuwɔna me.
19
To esia me míenya be míenye nyateƒe la tɔ, eye dzi anɔ mía ƒo le Mawu ŋkume,
20
ɣe si ɣi míaƒe dzi bu fɔ mí; elabe Mawu nye gã wu míaƒe dzi, eye wònya nu sia nu.
21
Nye lɔlɔ̃tɔwo, nenye be míaƒe dzi mebu fɔ mí o la, ekema dzideƒo anɔ mía si le Mawu ŋkume.
22
Míexɔa nu sia nu si míebiana la tso egbɔ, elabe míewɔa eƒe seawo dzi, eye míewɔa nu siwo dzea eŋu.
23
Eƒe se lae nye be: míaxɔ Via Yesu Kristo dzi ase, eye míalɔ̃ mía nɔewo, abe ale si Kristo di tso mía si la ene.
24
Ame siwo katã wɔa Mawu ƒe sewo dzi la, le Mawu me eye Mawu hã le wo me. To eƒe Gbɔgbɔ si wòna mí la me la, míenya be Mawu le mía me.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5