bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 John 2
1 John 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
1
Vinyewo, mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi, ale be miagawɔ nuvɔ̃ o. Ke ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ hã la, Yesu Kristo dzɔdzɔetɔ la ʋlia mía ta le Tɔ́ la gbɔ.
2
Eya dzi Mawu to tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí. Menye míawo ɖeɖe ko tɔ wòtsɔ ke o, ke boŋ amegbetɔƒomea katã tɔ hãe.
3
Nenye be míewɔa Mawu ƒe seawo dzi la, ekema efia be míeka ɖe edzi be míenyae vavã.
4
Ame si gblɔna be: “Menyae,” evɔ mewɔa eƒe seawo dzi o la, alakpatɔ wònye, eye nyateƒe la mele eme o.
5
Ke ame si léa eƒe nya la me ɖe asi la, eya ƒe lɔlɔ̃ na Mawue de blibo vavã. Ale si wòle be míaka ɖe edzi be míele Mawu mee nye be:
6
Ame sia ame si gblɔna be yele hadede me kplii la, ele nɛ be wòanɔ agbe abe Yesu Kristo ene tututu.
7
Nye lɔlɔ̃tɔwo, nu si ŋlɔm mele ɖo ɖe mi la, menye se yeye wònye o, ke boŋ se xoxo si mienya tso keke gɔmedzedzea me ke lae. Se xoxo sia nye gbedeasi si miese xoxo la.
8
Ke hã la, se si ŋlɔm mele ɖo ɖe mi la, se yeye wònye, eye nyateƒe si le eme la, dzé le Kristo kple miawo siaa me. Elabe viviti la nu yi vɔ, eye kekelia ŋutɔŋutɔ le keklẽm xoxo.
9
Ame si gblɔ be yele kekeli la me, evɔ wòhelé fu nɔvia la, viviti me ko wògale va se ɖe fifi.
10
Ame si lɔ̃ nɔvia la, eya le kekeli la me, eye naneke mana wòawɔ nuvɔ̃ o.
11
Ke ame si lé fu nɔvia la, viviti me wòle. Ele viviti me zɔm, eye menya afi si tututu wòɖo tae o, elabe viviti la na eƒe ŋkuwo gbã.
12
Ɖevi suewo, miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe wotsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ke le Kristo ta.
13
Tɔ́wo, miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe mienya eya ame si li tso keke gɔmedzedzea me ke. Nenema ke mele eŋlɔm na mi ɖekakpuiwo hã, elabe mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
14
Ɖevi suewo, mebe miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe mienya Tɔ́ la. Tɔ́wo, mebe miawoe mele agblẽa ŋlɔm na, elabe mienya ame si li tso keke gɔmedzedzea me ke. Ɖekakpuiwo, mebe miawoe mele agbalẽa ŋlɔm na, elabe ŋusẽ le mia ŋu, Mawu ƒe nya la le mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.
15
Migalɔ̃ xexea me loo, alo nu siwo le eme la ƒe ɖeke o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexea me la, lɔlɔ̃ aɖeke mele eme na Tɔ́ la o.
16
Elabe xexea me nuwo katã: nuvɔ̃ɖi siwo dzroa amegbetɔ, nuvɔ̃ɖi si ame kpɔna wòdzronɛ kple nu siwo dzi ame dana ɖo le xexea me la dometɔ aɖeke metso Tɔ́ la gbɔ o; xexea mee wotso.
17
Xexea me kple nudzroame siwo katã le eme la nu va yina, ke ame si wɔa nu si Mawu di la ya, nɔa anyi ɖaa.
18
Vinyewo, ɣeyiɣia de vɔ! Miese be Kristo ƒe futɔ la le vava ge. Kristo ƒe futɔ geɖewo va do, eya tae míenya be ɣeyiɣia de.
19
Le nyateƒe me la, menye mía dometɔwoe nye ame siawo o, eya tae wodzo le mía gbɔ ɖo. Nenye mía dometɔwoe wonye vavã la, anye ne wogale mía dome. Ke wodzo, ale be eme nakɔ ƒãa be wo dometɔ aɖeke mele mía dome o.
20
Ke Kristo kɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mia dzi, eye mi katã mienya nu sia nu.
21
Menye esi mimenya nyateƒe la o tae mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi o, ke boŋ esi mienya nyateƒe la, eye mienya nyuie hã be alakpa mele eme o la tae.
22
Azɔ la, ame ka koŋ ye nye alakpatɔ? Eyae nye ame si gblɔna be menye Yesue nye Kristo la o. Ame sia tututue nye Kristo ƒe futɔ la. Eyae gbe nu le Vi la kple Tɔ́ la siaa gbɔ.
23
Elabe ame sia ame si gbe nu le Vi la gbɔ la, Tɔ́ la hã menye etɔ o; ame sia ame si xɔ Vi la la, Tɔ́ la hã nye etɔ.
24
Mina gbedeasi si miexɔ le gɔmedzedzea me la, nanɔ mia me. Nenye be mielé gbedeasi si miese le gɔmedzedzea me la ɖe asi la, ekema miate ŋu anɔ hadede me kple Vi la kpakple Tɔ́ la.
25
Nu si ŋugbe Kristo ŋutɔ do na mí lae nye agbe mavɔ.
26
Ame siwo able mi tae mele esia ŋlɔm na mi ɖo.
27
Ke le miawo ya gome la, ami si Kristo si na mi la gale mia me ko eye mehiã be ame aɖeke nagafia nu mi o. Elabe eƒe amisisi la fiaa nu sia nu mi, eye nu si wòfiana la menye alakpa o, ke boŋ nyateƒe ɖeɖe sɔŋ ye. Eya ta milé nu si wòfia mi la me ɖe asi, ne mianɔ Kristo me.
28
Ale vinyewo, minɔ Kristo me, ale be ne wòva do gbe ma gbe la, dzi naɖo mia ƒo, eye ŋu nagakpe mi, miade mo to o.
29
Ne mienya be Kristo nye ame dzɔdzɔe la, ekema ele be miaka ɖe edzi be ame sia ame si wɔa nu dzɔdzɔe la Mawu vie.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5