bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Lamentations 1
Lamentations 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
1
Ao, du si me gbetɔ yɔ fũu kpɔ, koŋ ye tsi akogo ale! Du triakɔ le dukɔwo domee va zu abe ahosi enea? Fiavinyɔnu le dukɔwo domee va zu kluvi fukpela!
2
Ele avi fam hehehe le zã me, aɖatsi ƒo alɔgo nɛ belee. Eƒe lɔlɔ̃tɔ aɖeke mekpɔtɔ afa akɔ nɛ o. Xɔlɔ̃awo katã trɔ ʋu le eyome zu eƒe futɔwo.
3
Yuda-dukɔ yi aboyo me kple fukpekpe, eye wotee ɖe anyi. Ðeko wòle dukɔwo dome mekpɔ gbɔdzɔe aɖeke o. Eyometilawo katã va mimii ɖo, toƒe aɖeke meli o.
4
Zion-mɔwo le konyi fam, elabe ame aɖeke megavaa ŋkekenyui ɖuƒe o. Eƒe agbowo katã tsi ƒuƒlu, nunɔlawo le hũ ɖem, ɖetugbiwo le ŋeŋem, eye eya ŋutɔ le veve sem.
5
Eƒe ketɔwo va zu eƒe aƒetɔ, eye eme nyo na eƒe futɔwo elabe Aƒetɔ na wòle fu kpem le eƒe vodada gbogboawo ta. Futɔwo kplɔ viawo ɖe ŋgɔ yi aboyo mee.
6
Zion vinyɔnu ƒe fianyenye katã bu. Eƒe amegãwo zu abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe aɖeke o la ene. Ŋusẽ mele wo ŋu hafi wole sisím le wo yometilawo ŋgɔ o.
7
Le Yerusalem ƒe fukpeɣi kple veveseɣi la, eɖo ŋku nu xɔasi, siwo katã nɔ esi le blema la dzi. Esi eƒe amewo ge ɖe futɔwo si me, eye ame aɖeke meli axɔ nɛ o la, futɔawo kpɔ eƒe anyidzedze le kokom.
8
Nu vɔ̃e Yerusalem wɔ, eya ta wòzu ŋunyɔnu ɖo. Ame siwo katã bunɛ tsã la le vlo domee, elabe wokpɔ eƒe ama me. Eya ŋutɔ le hũ ɖem trɔ mo ɖe adzɔge.
9
Eƒe ɖiƒoƒo le dzedzem le eƒe awu ŋu. Menya be ava nɔ na ye alea o. Edze anyi vevie; akɔfala aɖeke meli o. Yerusalem do ɣli be: “Ao, Aƒetɔ, kpɔm ɖa! Woɖi gbɔm; nye futɔwo ƒe alɔ de dzi!”
10
Futɔwo ha eƒe nu xɔasiwo katã. Ekpɔ dukɔ siwo Aƒetɔ meɖe mɔ na be woayi eƒe amehawo dome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe ke gɔ̃ hã.
11
Eƒe amewo katã le hũ ɖem, le nuɖuɖu dim aɖu. Wotsɔ woƒe nu xɔasiwo ɖɔli nuɖuɖu, bene woatsi agbe. “Ao, Aƒetɔ, kpɔm ɖa, kpɔ nye gbɔɖiƒe ɖa!”
12
Mi ame siwo katã va le yiyim, milé ŋku ɖe ŋunye miakpɔ ɖa. Ðe ame aɖe se veve kpɔ, abe esi sem mele enea? Gbe si gbe Aƒetɔ do dziku manyagblɔ ɖe ŋunye, eye wòhe veve helihelĩ va dzinye la, mewɔ naneke mi oa?
13
Eɖo dzo ɖa tso dzi wòva ge ɖe nye ƒuto me ke. Eɖo ɖɔ na nye afɔ, ɖem, eye wòhem va emegbe. Egblẽm ɖi dzo. Ŋkeke blibo la katã, nyemegale ame me o.
14
Eƒo ƒu nye vodadawo katã, eye eya ŋutɔ bla wo sesĩe tsɔ ɖo kɔʋume nam abe kɔkuti ene. Wole kpeyem, wona ŋusẽ vɔ le ŋunye. Aƒetɔ la tsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.
15
Aƒetɔ ɖe nye kalẽtɔwo katã ɖa le ŋunye. Eɖe gbeƒã ɖe ŋunye be yeatsrɔ̃ nye ɖekakpuiwo gbidii. Aƒetɔ la fanya Yuda, vinyɔnu ɖetugbi la, abe ale si wowɔa wain le wainfiãƒe ene.
16
Esia ta mele avi fam; nye ŋkuwo le aɖatsi kplɔm yoyoyo. Akɔfala aɖeke meli ade dzi ƒo nam o. Futɔ la ƒe alɔ yi dzi; vinyewo tsrɔ̃.
17
Zion ke abɔ me, ke akɔfala aɖeke meli nɛ o. Aƒetɔ ɖe gbe ɖe Yakob ŋu be eƒe aƒelikawo nava zu eƒe ketɔwo. Yerusalem va zu ŋunyɔnu le wo dome.
18
Aƒetɔ tɔ dzɔ, elabe nyee dze aglã, gbe eƒe nya dzi wɔwɔ. Mi dukɔwo katã misee. Mikpɔm ɖa! Mele veve sem! Woɖe aboyo nye ɖetugbiwo kple ɖekakpuiwo.
19
Meyɔ nye lɔlɔ̃tɔwo, ke woblem. Nye nunɔlawo kple ame tsitsiwo tsrɔ̃ le dua me, esime wonɔ nu dim be yewoaɖu, akpɔ ŋusẽ.
20
Ao, Aƒetɔ, kpɔm ɖa! Mele veve sem! Nye dɔme ʋu dzo hẽe, eye nye dzi le dzodzom nyànyanya; elabe mesẽ to. Le ablɔ me, yi le nu gblẽm; le aƒeme hã, ku le ame wum.
21
Wose mele ŋeŋem, ke akɔfala meli o. Nye futɔwo katã se dzɔgbevɔ̃e si dzɔ ɖe dzinye, eye wole dzidzɔ kpɔm be wò, Aƒetɔ ye wɔm alea. Na ŋkeke si nèɖe gbeƒãe la nade, ne woawo hã woazu abe nye ene.
22
“Ðo ŋku woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzi. He to na wo abe ale si nèhee nam le nye nuvɔ̃wo katã tae ene. Nye hũɖeɖewo sɔ gbɔ; nye dzi gbã.”
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5