bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Lamentations 3
Lamentations 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
1
Nyee nye ame si kpe fu, eye Mawu tsɔ ameƒoti ɖe ŋunye dɔmedzoetɔe.
2
Enyàm kple du tege ɖe viviti me, kekeli aɖeke meli o.
3
Ẽ, nye ko ŋue wòtrɔ ɖo, le ƒoƒom atraɖii ŋkeke blibo la.
4
Edze nye lã kple ŋutigbalẽ le ŋunye, eye wògbã nye ƒuwo.
5
Etsɔ vevesese kple fukpekpe ɖo gli ƒo xlãm.
6
Ena menɔ viviti tsiɖitsiɖi me abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.
7
Eɖo gli ƒo xlãm va kpe ɖo, eye wòde kɔsɔkɔsɔ sesẽwom ale be nyemate ŋu así o.
8
Togbɔ be mele ɣli dom be woaxɔ nam hã la, edo toku nye gbedodoɖa.
9
Etsɔ kpe gligowo xe mɔ me nam, eye wòglɔ̃ nye toƒewo katã.
10
Etsyɔ akɔ anyi le lalayem abe sisiblisi ene, eye wòde xa ɖi nam abe dzata ene.
11
Ehem dzoe le nye mɔ dzi, eye wòvuvum yaʋayaʋa. Egblẽ nye ɖeka ɖi dzo.
12
Ehe eƒe da me, eye wòdzidze eƒe aŋutrɔ ɖe dzinye tututu.
13
Eƒe aŋutrɔawo tso eƒe daku me ƒo ɖe keke nye dzi ke.
14
Mezu nu ɖikokoe na nye dukɔ azɔ. Wodo ham le dzidzim ŋkeke blibo la.
15
Etsɔ ama veve nam meɖu wòyɔ ko nam, eye wòkpe tsà nam meno.
16
Ena meɖu kpeku, eye wòtigim ɖe dzowɔ me.
17
Wona ŋutifafa bu ɖem, eye meŋlɔ dzidzeme be.
18
Ale mebe: “Bubu vɔ le ŋunye. Nu siwo katã mekpɔ mɔ na tso Aƒetɔ gbɔ la nu tso.”
19
Ɖo ŋku nye fukpekpe kple vevesese dzi, tsà kple aɖi ko wonye nam.
20
Mebua eŋu edziedzi, eye wòtea nye gbɔgbɔ ɖe to.
21
Ke mɔkpɔkpɔ gaɖoa menye ne meɖo ŋku edzi be:
22
Aƒetɔ ƒe amenuveve tae míetsrɔ̃ o, eye eƒe nublanuikpɔkpɔ nu metsina o.
23
Wozua yeye ŋdi sia ŋdi. Wò nuteƒewɔwɔ tri akɔ.
24
Nye luʋɔ be: “Nye gomee nye Aƒetɔ eya ta eya ko makpɔ mɔ na.”
25
Aƒetɔ nyoa dɔme na ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu kple ame siwo dinɛ.
26
Enyo be ame nagbɔ dzi ɖi kpoo akpɔ mɔ na Aƒetɔ ƒe xɔname.
27
Enyo be ame natsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime.
28
Ne Aƒetɔ la ɖoe edzi la, nenɔ anyi ɖe aga, ne wòatsɔe le ɖoɖoezizi me.
29
Nebɔbɔ eɖokui keŋ; ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.
30
Neɖe mɔ woaƒo to me nɛ, eye woado ŋukpee faa.
31
Elabe Aƒetɔ la magbe ame ɖikaa o.
32
Togbɔ be edoa nuxaxa na ame hã la, agakpɔ nublanui nɛ le eƒe amenuveve sɔgbɔ la nu,
33
elabe menye dzidzɔ nɛ be yeawɔ fu ame, alo ado nuxaxa nɛ o.
34
Ne wofanya anyigba dzi gamenɔlawo katã,
35
ne wote ame ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to, le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,
36
ne wotrɔ gbo nya dzɔdzɔe le ʋɔnu la, Aƒetɔ la medaa asi ɖe edzi o.
37
Ame kae gblɔa nya wòvaa me, ne Aƒetɔ la meɖoe nenema o?
38
Ðe menye Dziƒoʋĩtɔ lae ɖea gbe, eye vɔ̃ kple nyui dzɔna oa?
39
Nu ka tae ame gbagbe afa konyi, gbetɔ, ne wohe to nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃ ta?
40
Mina míado míaƒe nuwɔna kpɔ, adzro eme, eye míatrɔ va Aƒetɔ gbɔ.
41
Mina míakɔ dzi kple asiwo ɖe dzi na Mawu le dziƒo:
42
“Míawo míewɔ nuvɔ̃, dze aglã, eye mètsɔe ke mí o.
43
Èɣla ɖokuiwò ɖe wò dziku me; èti mía yome va wu nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
44
Èɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me ale be gbedodoɖa aɖeke mate ŋu aɖo gbɔwò o.
45
Ètsɔ mí wɔ gbeɖuɖɔ kple ŋunyɔnui le dukɔwo dome.
46
“Míaƒe futɔwo katã ke nu le mía dzum.
47
Ŋɔdzi zu ʋe míege dze eme. Dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ ɖe to ɖe mí.
48
Aɖatsi zu tɔʋu le dodom le nye ŋkume yoyoyo elabe wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu.
49
“Aɖatsi matso le ŋkume nam kpɔ,
50
va se ɖe esime Aƒetɔ naɖo ŋku anyi akpɔm tso dziƒo o.
51
Ne mekpɔ nu si dzɔ ɖe nye du me ɖetugbiwo katã dzi la, mesea veve le ememe ke.
52
“Nyemewɔ naneke nye futɔwo o, gake woyɔm ɖe nu abe xevi ene.
53
Wotsɔm ƒu gbe ɖe do me agbagbee, eye wofɔ kpe kɔ ɖe dzinye.
54
Tsi fie to tanye eye mebe: “Evɔ nam!”
55
“Aƒetɔ, do la gɔme ke mele le yɔwòm.
56
Èse nye kokoƒoƒo. Mègado tokum o; se nye xɔnameɣli, nàxɔ nam.”
57
Ète va gbɔnye esime meyɔ wò. Ègblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃ o!’
58
“Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ, eye nèɖe nye agbe.
59
Aƒetɔ, èkpɔ vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋunye; tso nya me nam.
60
Èdze si woƒe hlɔ̃biabiawo katã kple woƒe nugbeɖoɖo ɖe ŋunyewo katã.
61
“Aƒetɔ, èse woƒe alɔmeɖeɖe kple nugbe si woɖo ɖe ŋunye la.
62
Ame siwo dze dzinye ƒe nuyiwo kple susuwo le ŋunye ŋkeke blibo la.
63
Kpɔ ɖa, anyie wonɔ o, tsitre wole o, wokpa hawo dem le dzidzim.
64
“Aƒetɔ, ɖo woƒe nuwɔna teƒe na wo.
65
Na dzi kuatri wo. Wò fiƒode neva wo dzi.
66
Ti wo yome kple dziku, eye nàtsrɔ̃ wo ɖa le wò, Aƒetɔ ƒe dziƒoa te.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5