bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Lamentations 5
Lamentations 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
1
Ao! Aƒetɔ, ɖo ŋku nu si dzɔ ɖe mía dzi la dzi. Trɔ kɔ, nàkpɔ míaƒe ŋukpe ɖa!
2
Wotsɔ míaƒe domenyinu na amedzrowo, míaƒe aƒewo zu ame manyamanyawo tɔ.
3
Míezu tsyɔ̃eviwo; tɔ́ mele mía si o, mía nɔwo le abe ahosiwo ene.
4
Ele be míadze tsi hafi ano, aƒle nake hafi ado dzo.
5
Kɔkuti le kɔ na mí, woyɔ mí ɖe nu kplìkplikpli, ɖeɖi te mía ŋu; ke womeɖe mɔ na mí be míagbɔ ɖe eme o.
6
Míena ta Egipte kple Asiria, bene míakpɔ nu aɖu aɖi ƒo.
7
Mía tɔgbuiwo wɔ nuvɔ̃; womegali o. Míawo míele fu kpem le woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo ta.
8
Kluviwo le mía dzi ɖum, ke ame aɖeke meli aɖe mí le wo si me o.
9
Yi le asi le gbedadaƒo; ale be ɖe míetsɔa míaƒe agbe kena hafi dia nuɖuɖu vaa aƒee.
10
Dɔwuame sesẽ na míaƒe ŋutigbalẽ ʋu dzo abe kpodzo me ene.
11
Wode asi nyɔnuwo ŋu sesẽtɔe le Zion, eye wogblẽ ɖetugbiwo le Yuda-duwo me.
12
Wode ka dukplɔlawo ƒe abɔ tsi ɖe ya me, eye womede bubu aɖeke amegãɖeɖiwo ŋu o.
13
Wozi ɖekakpuiwo dzi wole nu tum le té dzi, eye ŋutsuviwo le ƒoƒom le nakegba te.
14
Ame tsitsiwo dzo le dutakpeƒe, eye ɖekakpuiwo dzudzɔ hadzidzi.
15
Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nu tso; konyifafa xɔ ɣeɖuɖu teƒe.
16
Fiakuku la ge le mía ta! Nu wɔ mí loo! Elabe míewɔ nuvɔ̃.
17
Míaƒe dzi dze dɔ le esia ta, míaƒe ŋkuwo dzi wɔ flukpee le nu siawo ta,
18
elabe Zion-to zu gbegbe, afi si akpatakuwo le tsatsam le.
19
Ke wò Aƒetɔ la, èle fia ɖum tegbee, eye wò fiazikpui li tso dzidzime yi dzidzime.
20
Nu ka ta nèŋlɔ mí be ɖikaa? Nu ka ta nègblẽ mí ɖi eteƒe didi ale?
21
Aƒetɔ, gbugbɔ mía gɔme ɖo anyi ɖe gbɔwò, ne míanɔ te. Gbugbɔ egbeŋkekewo wɔ yeyee na mí abe tsãtɔwo ene.
22
Alo ɖe nègbe mí keŋkeŋua? Ðe nèdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbea?
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
All chapters:
1
2
3
4
5