bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Lamentations 4
Lamentations 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
1
Ale wɔ sika nyɔ vìi ale? Ale wɔ sika nyuitɔ trɔ ale? Ale ke wɔ kpe kɔkɔeawo kaka ɖe ablɔ ɖe sia ɖe ƒe dzogoewo dzi?
2
Zion viŋutsu xɔasi siwo nye sika nyuitɔ la, ale wɔ wobu wo abe anyizewo ene, zemela ƒe asinudɔwɔwɔwo?
3
Akpataku kekeake hã naa no viawo, gake nye dukɔ vinyɔnu ya le ŋlɔmee wɔm le viawo ŋu, abe tsatsaboli le gbedadaƒo ene.
4
Tsikɔ wu vi nonowo ʋuu woƒe aɖe lé ɖe aŋɔ ŋu na wo. Ðeviwo bia nuɖuɖu, ke ame aɖeke mena na wo o.
5
Ame siwo ɖua nu viviwo tsã la, tsrɔ̃ le ablɔwo me. Ame siwo wonyi le avɔ xɔasiwo me la, tsi aɖukpo dzi.
6
To si wohe na nye dukɔ vinyɔnu la sẽ wu esi wohe na Sodom-du si wotsrɔ̃ le aɖabaƒoƒo ɖeka me, asi aɖeke maka eŋui.
7
Woƒe amegãwo kɔ wu tsikpe, eye wofu wu notsi. Wobiã wu soe, eye woƒe dzedzeme le abe safirkpe ene.
8
Ke azɔ la, woƒe mo nyɔ wu dzɔble, eye womegakpɔ wo dze sii le ablɔ me o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe ƒu ŋu kpaɖii, eye woƒu abe nake ene.
9
Ame siwo tsi yi nu tɔ me nyo wu ame siwo tsi dɔwuame nu: dɔ wu wo, te wo ŋu, elabe womekpɔ agblemenuku aɖeke aɖu o.
10
Nyɔnu siwo ame nu wɔa nublanui na la gɔ̃ hã lé woawo ŋutɔ viwo ɖa ɖu. Amelã va zu nuɖuɖu na gbetɔ le nye dukɔ vinyɔnu la gbãɣi.
11
Aƒetɔ ƒe dzi fla, eye wòtrɔ eƒe dziku kɔ ɖe Zion dzi. Etɔ dzoe, wòfiã eƒe gɔmeɖokpewo gɔ̃.
12
Anyigba dzi fiawo kple xexemetɔ aɖeke mexɔe se kpɔ be futɔ alo ketɔ aɖe ate ŋu age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me hafi o.
13
Nya siawo dzɔ le woƒe gbeƒãɖelawo ƒe nuvɔ̃ kple woƒe nunɔlawo ƒe hlɔ̃dodo ta; elabe wokɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖi le dua me.
14
Wonɔ tsa glãla tsam abe ŋkunɔwo ene le ablɔwo me. Woƒo ʋu ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu aka asi woƒe awu ŋu o.
15
Amewo le ɣli dom ɖe wo ta be: “Midzo! Ame makɔmakɔwo! Midzo! Midzo! Migaka asi mía ŋu o!” Ale wozu sisílawo kple tsa glãla tsalawo. Dukɔwo gblɔ be: “Ame siawo maganɔ mía dome o.”
16
Aƒetɔ ŋutɔe ka wo hlẽ; megatsɔ ɖeke le eme na wo o. Mede bubu nunɔlawo ŋu o, eye meve amegãɖeɖiwo nu o.
17
Míekpɔ mɔ ʋuu be woava xɔ na mí, wòglo! Míeɖo ŋu ɖe dukɔ si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu.
18
Futɔwo le mía yome le afɔ xlẽm na mí, ale be mɔwo dzi toto zu dɔ. Míaƒe nuwuwu gogo, ŋkeke boo megale mía si o; míaƒe nuwuwu ɖo.
19
Mía yometilawo le du dzi sesĩe wu hɔ̃ le ya me. Woyɔ mí ɖe nu le towo dzi, eye wode xa na mí le gbedadaƒo.
20
Míaƒe amesiamina ame si na míegbɔna la ge ɖe woƒe mɔ̀ me! Evɔ la, eyama ŋue míegblɔ le be: “Míanɔ agbe le eƒe vɔvɔli te le dukɔwo me!” hafi.
21
Wò Edom vinyɔnu le Uz-nyigba dzi, tso aseye, nàkpɔ dzidzɔ. Ke kplu la gbɔna na wò hã. Èle eno ge amu, aɖe ama ɖokuiwò.
22
O Zion vinyɔnu, wohe to na wò le wò vodadawo ta vɔ. Aƒetɔ magana nanɔ aboyo me o. Ke wò Edom ya la, ahe to na wò le wò vodada ta, eye wòaklo nu le wò nuvɔ̃wo dzi.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5