bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Lamentations 2
Lamentations 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
1
Ale ke wɔ Aƒetɔ la do dziku na tsizi do ɖe Zion vinyɔnu la dzi ale? Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ la xlã ɖe anyi tso dziƒo. Gbe si gbe wòdo dziku la, megaɖo ŋu eƒe afɔɖodzinu la o.
2
Aƒetɔ la gbã kɔƒe sia kɔƒe nublanuimakpɔmakpɔtɔe le Yakob. Ekaka Yuda ƒe mɔ́ sesẽwo le eƒe dɔmedzoe me. Ebɔbɔ fiaɖuƒe la kple edziɖulawo ɖe anyi ŋukpetɔe.
3
Etsɔ dziku helihelĩ, ɖe Israel ƒe ŋusẽ ɖa keŋkeŋ. Egbe xɔxɔ nɛ, esi futɔwo lũ ɖe edzi la. Etso ɖe Yakob ŋu abe dzo bibi ene, eye wòtsrɔ̃ nu sia nu si ƒo xlãe godoo la.
4
Ebi eƒe dati abe futɔ ene. Ehe eme kple ɖusi abe ketɔ ene, eye wòwu ame siwo katã dzi míedàna ɖo le Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ me. Etrɔ eƒe dɔmedzoe helihelĩ la, kɔ ɖi abe dzo ene.
5
Aƒetɔ la va zu abe futɔ ene, eye wòtsrɔ̃ Israel. Egbã eƒe fiasãwo kple mɔ́ sesẽwo katã. Edzi vinyɔnu Yuda ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi.
6
Ekaka eƒe subɔƒe la, eye wòvuvu kpɔ le eŋu. Egbã eƒe takpeƒe la. Aƒetɔ tsi ŋkekenyui kple dzudzɔgbe nu le Zion. Le eƒe dɔmedzoe helihelĩ me la, edo vlo fia kple nunɔla.
7
Aƒetɔ la gbe eƒe vɔsamlekpui, eye wògblẽ eƒe kɔkɔeƒe la ɖi. Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo de asi na futɔwo. Woƒe ɣli ɖi le Aƒetɔ ƒeme, abe ŋkekenyui ɖum wole ene.
8
Aƒetɔ ɖoe kplikpaa be yeana woamu Zion vinyɔnu la ƒe gliwo aƒu anyi. Eda nudzidzeka ɖe eŋu, dzidzee be yeana woagblẽe keŋkeŋ. Ena kpo si woƒu ɖe eŋu kple gli la siaa fa konyi.
9
Eƒe agbowo yi to, eye woŋe gametiwo keŋ. Eƒe fia kple eƒe bubumewo le dzronyigbawo dzi. Se megali o, Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã megaxɔa ŋutega tso Aƒetɔ gbɔ o.
10
Zion vinyɔnu ƒe dua ƒe amegãɖeɖiwo bɔbɔ nɔ anyi hezi ɖoɖoe kpoo. Wolɔ dzowɔ ƒo ɖe tame, eye wota akpanya. Yerusalem-ɖetugbiwo de mo to.
11
Nye ŋkuwo fa aɖatsi ʋuu ɖeɖi te. Nye dɔme ʋu dzo hẽe; nye veve wó ɖe dɔ me nam, elabe wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu; ɖeviwo kple vidzĩwo ku ƒenyi le dua ƒe ablɔwo me.
12
Wodo ɣli bia wo nɔwo be: “Abolo ɖe? Wain ɖe?” Woyi ɖi me abe ame xɔabiwo ene le dua ƒe ablɔwo me, eye woƒe gbɔgbɔ nu tsí le wo nɔwo ƒe akɔnu.
13
Ao, Yerusalem-nyɔnuvi, nu ka magblɔ aɖe nuwòe? Nu ka ŋu matsɔ wò asɔ ɖo? Zion vinyɔnu, ɖetugbi leaƒe ame kae matsɔ asɔ kpli wò, wò akɔ nafa? Wò abi la lolo abe atsiaƒu ene. Ame kae ate ŋu ada gbe le ŋuwò?
14
Wò gbeƒãɖelawo kpɔ alakpaŋutega gblɔ na wò heble wò. Womeklo nu le wò vodadawo dzi, bene woaɖɔ wò ɖo, ne eme nanyo na wò o. Ke wokpɔ alakpa kple ameflunya ɖe gbeƒãe na wò.
15
Ame siwo katã va tso eme yina la, ɖu fewu le ŋuwò. Woɖe tsiã, ʋuʋu ta ɖe Yerusalem-nyɔnuvia ŋu be: “Du si wokafuna be enyakpɔna, etɔgbe meli o, xexe blibo la ƒe dzidzɔ lae nye esia?”
16
Wò futɔwo katã ke nu le alɔ me ɖem le ŋuwò. Woʋuʋu ta, ɖu fewu le ŋuwò be: “Asi su edzi! Míetsrɔ̃e loo! Ehɛ̃, ŋkeke si míele mɔ kpɔm na lae nye egbe. Míekpɔe kple ŋku!”
17
Nu si Aƒetɔ ɖo tso blema ke be yele wɔwɔ ge la, eyae wòwɔ. Egblẽ nu nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye wòna wò futɔwo dzɔ dzi. Ena ŋusẽ wò ketɔwo.
18
Zion vinyɔnu, do ɣli sesĩe na Aƒetɔ la! Na wò aɖatsi nasí abe tɔsisi ene zã kple keli. Mègagbɔ ɖe eme o. Na wò ŋkuvi nanɔ aɖatsi fam madzudzɔmadzudzɔe.
19
Tso, nàdo ɣli le zã me. Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋkume abe tsi ene le zãdzɔɣi ƒe gɔmedzedze. Wu asi dzi nàɖe kuku nɛ le viwò siwo dɔ wu ʋuu nu té wo ŋu le ablɔwo ƒe godoƒe la ta.
20
Ao, Aƒetɔ, kpɔ ame siwo nèle funyafunya wɔmee la ɖa! Ðe nyɔnuwo alé woawo ŋutɔ ƒe dɔmeviwo aɖua? Ðe woawu nunɔla kple gbeƒãɖela le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒe la gɔ̃ hã?
21
Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa ku, tsi anyigba le ablɔ me. Nye ɖetugbiwo kple ɖekakpuiwo tsi futɔwo ƒe yi nu. Le wò dzikudogbe la, èwu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
22
Èna nye futɔwo tso afi sia afi va kpe ta ɖe ŋunye, abe ŋkekenyui ɖu ge wova ene. Ame aɖeke mesí alo tsi agbe le Yerusalem le Aƒetɔ ƒe dzikudogbe o. Vi siwo medzi, kpɔ wo dzi, wotsi la, nye futɔ tsrɔ̃ wo keŋ.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5