bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Luke 11
Luke 11
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
1
Gbe ɖeka Yesu nɔ gbe dom ɖa le teƒe aɖe. Esi wòwu nu la, eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka te ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be. “Aƒetɔ, fia gbedodoɖa aɖe mí abe ale si Yohanes fia eƒe nusrɔ̃lawo ene.”
2
Gbedodoɖa si Yesu fia wo lae nye esi. “Mía Fofo, woade bubu wò ŋkɔ kɔkɔe la ŋu ɖaa, na wò Fiaɖuƒea nava kaba.
3
Na nuɖuɖu mí gbe sia gbe,
4
tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mí le esi mietsɔ ame siwo da vo ɖe mía ŋuti la tɔwo kewo ta, eye megana be míage ɖe tetekpɔ me o.”
5
Tete egblɔ na wo be, “Le kpɔɖeŋu me ne xɔ̃ aɖe le mia dometɔ ɖeka si, eye wòyi xɔ̃a gbɔ zatitina hegblɔ nɛ be, ‘Xɔ̃nye do abolo etɔ̃ nam,
6
elabena xɔ̃nye aɖe si le mɔ zɔm la va dzem eye naneke meli matsɔ nɛ wòaɖu o.’
7
”Ekema ame si le xɔ me la aɖo ŋu be, ‘Megaɖe fu nam o. Míedo ʋɔa xoxo eye nye kple vinyewo míemlɔ anyi. Nyemate ŋu afɔ ava na naneke wò o.’ ”
8
Mele egblɔm na mi be, nenye be xɔ̃wòa mefɔ ʋu ʋɔa o, togbɔ be xɔ̃wò wònye hã la, ne eƒo ʋɔa atraɖii la, afɔ ava tsɔ nu sia nu si dim nèle la na wò elabena èku kutri bia nu si dim nèle la atraɖii.
9
Alea tututue wònɔna le gbedodoɖa hã me. Ne miebia nu la, woana mi, ne miedi nu la, miakpɔe, eye ne mieƒo ʋɔa la, woaʋui na mi ɣesiaɣi.
10
Ame sia ame si bia nu la, xɔa nu si wòbia, ame siwo dia nu la kpɔnɛ eye woaʋu ʋɔa na ame sia ame si aƒoe la.”
11
Mi ame siwo nye vi fofowo ɖe, nenye be viwò, bia abolo wò ɖe, kpee nãtsɔ nɛa? Ne wòbia tɔmelã ɖe, dalãe nãtsɔ nɛa?
12
Alo ne ebia koklozi ɖe, ahɔ̃e nãtsɔ nɛa? Gbeɖe miewɔa esia o!
13
Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu si mia viwo bia mi wo la, ɖee mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔme, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”
14
Gbe ɖeka Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ do goe le tokunɔ aɖe me eye amea de asi nuƒoƒo me enumake. Ame siwo nɔ afi ma la kpɔ dzidzɔ hetso aseye le nukunu sia ta.
15
Gake ame aɖewo nɔ ameawo dome siwo gblɔ be, “Mewɔ nuku be ame sia le gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me o, elabena exɔ ŋusẽ tso Satana, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la gbɔ!”
16
Ame bubuwo di tso esi be wòana dzesi aɖewo nadze le yame si afia be eyae nye Mesia la vavã.
17
Yesu dze si nu si nɔ ame siawo katã ƒe susu me eya ta egblɔ be, “Ne dukɔ aɖe me tɔwo ma ɖe wo nɔewo ŋu hele aʋa wɔm la, dukɔa agbã, nenema ke nenye be aƒe aɖe me yɔ fũu kple dzre la, mate ŋu anɔ te o.”
18
Nenye be enye nyateƒe abe ale si miegblɔe be Satanae le dɔ wɔm le menye be menya eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa la, aleke eƒe fiaɖuƒe anɔ tee?
19
Eye nenye be Satana ƒe ŋusẽe le menye ɖe, nu kae le miawo ŋutɔ miaƒe amewo me? Woawo hã tea ŋu nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa? Alo miebu be esia fia kɔtee be Satana ƒe gbɔgbɔe le wo mea? Mibia wo se kpɔ be miaƒe nya la nye nyateƒe mahã?
20
Azɔ ne mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Mawu ƒe ŋusẽ la, ekema efia be mawufiaɖuƒe la va ɖo mia dome.
21
Nenye be ŋusẽtɔ aɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo eye wole eƒe fiasã ŋu dzɔm la, eƒe nuwo anɔ dedie.
22
Gake ne ame si sẽ ŋu wui va dze edzi eye wòxɔ ŋusẽ le esi la, axɔ eƒe aʋawɔnu siwo ŋu wòle ŋu ɖom ɖo le esi eye wòama eƒe nunɔamesiwo.
23
”Ame si mele dzinye o la tsi tre ɖe ŋunye, eye ne ame aɖe mele kpekpem ɖe ŋunye o la, ele nye dɔ me gblẽm nam.”
24
Nenye be wonya gbɔgbɔ vɔ̃ le ame aɖe me la, gbɔgbɔ vɔ̃a nɔa tsatsam nɔa sitsoƒe dim le dzogbe kple teƒe teƒewo. Nenye be mekpɔ teƒe aɖeke o la, etrɔna yina ɖe ame si me wòdo go le la me.
25
Ne wòkpɔ be wowɔ yeƒe nɔƒe xoxo la wòle dzadzɛ la,
26
eyina ɖayɔa gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubu siwo vɔ̃ɖi wui la wogena ɖe amea me. Esia wɔnɛ be ame sia ƒe nɔnɔme gblẽna ɖe edzi wu tsã.”
27
Esi Yesu nɔ nya siawo gblɔm la, nyɔnu aɖe si nɔ ameawo dome la do ɣli be, “Mawu neyra dawò ƒe ƒodo si me nèmlɔ kple no si nèno.”
28
Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Enyo gake woayra geɖe wu esia ame siwo sea mawunya la eye wowɔa edzi pɛpɛpɛ.”
29
Esi amehawo le ƒu ƒom ɖe edzi la Yesu gblɔ be, “Esia nye dzidzime vɔ̃ɖi si le dzesi dim, gake womana dzesi aɖeke tsɔ wu Yona ƒe dzesi o.
30
Elabena ale si Yona nye dzesi na Ninivetɔwoe la, nenema ke Amegbetɔvi la anye dzesi na dzidzime siae.”
31
Le ʋɔnudrɔ̃ŋkekea dzi la, Nyɔnufia si tso Seba la atsi tre afia asi dzidzime sia eye wòabu fɔ wo, elabena ezɔ mɔ tso didiƒe aɖe ke va be yease Salomon ƒe nufiamenyawo. Evɔ ame si de ŋgɔ wu Salomon sãa la le afii gake ame ʋee aɖewo koe ɖoa toe.”
32
Ninivetɔwo kura gɔ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo, ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.”
33
Ame aɖeke mesia akaɖi tsɔna ɣlana ɖe nu te o, ke boŋ etsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi bena wòaklẽ na ame siwo katã le xɔa me.
34
Wò ŋkue nye akaɖi na wò ŋutilã. Ne wò ŋku dzi kɔ la, wò ŋuti hã akɔ. Ke ne ŋku vɔ̃ɖi le asiwò la, mate ŋu akpɔ kekeli la o, elabena ãtsi viviti me.
35
Eya ta mikpɔ nyuie bena miagaxe mɔ na kekeli la o.
36
Nenye be èkɔ le ɖokuiwò me eye viviti aɖeke mele mewò o la, ekema wò gota gome hã aklẽ abe akaɖi keklẽ gã aɖee wosi ɖe mewò ene.”
37
Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe eme hebɔbɔ nɔ kplɔ̃a ŋu.
38
Ke esi Farisitɔ la kpɔ be Yesu meklɔ ŋui gbã hafi be yeaɖu nu o la, eƒe mo wɔ yaa.
39
Yesu gblɔ nɛ be, “Mi Farisitɔwo la, miewɔa nu le gota abe ɖe miedza ene, evɔ miaƒe dzime ya ƒoɖi kpekpekpe, ŋubiabiã kpakple tamesesẽ sɔŋ koe le mia me.
40
Mi movitɔwo! Menye Mawue wɔ nu sia nu godo kple eme oa?
41
Dzadzɛnyenye nyuitɔe nye esi woɖe fia to dɔmenyowɔwɔ me.”
42
Gake mele egblɔm na mi Farisitɔwo! Togbɔ be mieɖoa ŋku edzi tsɔna miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia nana Mawu hã, miedrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o eye mieŋlɔna be be Mawu ƒe lɔlɔ̃ li gɔ̃ hã. Enyo be miatsɔ miaƒe nukpɔkpɔwo ƒe ewolia aɖo Mawu ŋkume, gake mele be miaŋlɔ nu vevi siawo be o.
43
”Baba na mi Farisitɔwo! Elabena mielɔ̃a bubuteƒenɔnɔ le miaƒe ƒuƒoƒewo eye miedina be amewo nado gbe na yewo kple bubu tɔxɛ nenye be miezɔ to ablɔ dzi va yina.
44
Le nyateƒe me la ʋunudɔdrɔ̃ sesẽ aɖe le mia lalam. Đeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ ene. Amewo va toa mia dzi eye womenya nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”
45
Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si hã nɔ ameawo dome la yɔe eye wògblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, le nya si nègblɔ fifi laa me la, edo vlo miawo hã.”
46
Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Esia le me vavã elabena nu dziŋɔ siawo le miawo hã lalam, elabena miedina be amewo nanɔ xɔse ƒe agbe ɖe ɖoɖo aɖewo nu, evɔ miawo ŋutɔwo la, mietenɛ kpɔ be yewoawɔ ɖe ɖoɖo siawo dzi o.
47
Baba na mi! Elabena ɖeko miele abe mia tɔgbui siwo wu nyagblɔɖila siwo nɔ anyi tsã va yi la ene.
48
Hlɔ̃dolawo! Mieda asi ɖe nu si mia fofowo wɔ la dzi be enyo. Nenema ke ko miawo hã miawɔ.”
49
Nu si Mawu gblɔ tso mia ŋu la enye be, ‘Maɖo nyagblɔɖilawo kple apostolowo ɖe mi. Ke miawu ɖewo eye mianya ɖewo de gbe.’
50
”Woatsɔ nya ɖe mi dzidzime sia ŋu be miawoe wu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo tso keke xexe sia me ƒe gɔmedzedze ke.
51
Le nyateƒe me, woabu fɔ mi be miawoe wu ame siwo katã wowu tso Abel dzi va se ɖe Zakaria, ame si wowu le vɔsamlekpui kple kɔkɔeƒe la dome la dzi. Le nyateƒe me la, woatsɔ fɔbubu sia ada ɖe mia dzi.”
52
Baba na mi Senyalawo elabena mieɣla nyateƒe la ɖe amewo. Esi miawo ŋutɔ miegbe nu le egbɔ ta la, miexea mɔ na ame bubuwo bena womakpɔ mɔ axɔ nyateƒe la dzi ase o.”
53
Esi wòdo go tso afi ma la Farisitɔwo kple Agbalẽfialawo tsi tre ɖe eŋu vevie, eye wole biabia vovovowo biam
54
be woalée le eƒe nuƒoƒo me.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24