bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Luke 14
Luke 14
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
1
Gbe ɖeka le Sabat dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie.
2
Afi ma ŋutsu aɖe si nɔ tetedɔ lém la dze ŋgɔe.
3
Ke Yesu bia Farisitɔ kple Senyala siwo nɔ tsitre ɖe afi ma be, “Ele se nu be woada gbe le ame ŋu le Sabat ŋkekea dzia?”
4
Womeɖo biabia la ŋu nɛ o, ale Yesu lé dɔnɔa ƒe alɔnu eye woda gbe le eŋu. Emegbe la, eɖe mɔ nɛ wòdzo.
5
Yesu gatrɔ ɖe ameawo ŋu bia wo be, “Mia dometɔ kae mewɔa dɔ le Sabat ŋkeke dzi o. Nenye be evia alo eƒe nyi ge dze do me le Sabat ŋkekea dzi ɖe, meɖenɛ enumake oa?”
6
Ameawo mete ŋu ɖo biabia sia hã ŋu nɛ o.
7
Yesu kpɔ be ame siwo katã wokpe be woava ɖu nua nɔ didim vevie be yewoanɔ kplɔ̃a ta. Le esia ta exlɔ̃ nu wo gblɔ be,
8
“Nenye be wokpe wò ɖe srɔ̃ɖekplɔ̃ ŋu la, mègaʋli bena yeanɔ kplɔ̃ta o, elabena ne ame ŋkuta aɖe si ŋu bubu le wu wò la va la,
9
ne edzɔ nenema la ame, si kpe wò la akplɔe va afi si nènɔ eye wòagblɔ na wò bena, “Tso nãtsɔ wò nɔƒe na ame sia.’ Esia ana be ŋu akpe wò, eye nãyi aɖanɔ zikpui sia zikpui si le kplɔ̃a ƒe nuwuwu lɔƒo la dzi.”
10
Nu si boŋ wòle be nãwɔ enye esi, yi ɖanɔ teƒe aɖe le kplɔ̃a ƒe nuwuwu, eye ne ame si kpe wò ŋutɔ kpɔ wò la, ava gblɔ na wò be, ‘Nɔvi, míegblẽ nɔƒe nyui aɖe ɖi na wò!’ Ale wòade bubu ŋuwò le ame siwo katã wòkpe la ŋkume.
11
Ame sia ame si dina be ye ŋutɔ yeade bubu ye ɖokui ŋu la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye ame si abɔbɔ eɖokui la, woade bubu eŋu.”
12
Azɔ etrɔ ɖe ame si kpee ɖe kplɔ̃ ŋu la gbɔ gblɔ nɛ be, “Ne èɖo kplɔ̃ la megakpe xɔ̃wòwo, nɔviwòwo kple wò ƒometɔwo kple kesinɔtɔwo o. Elabena woawo hã ava kpe wò ɖe kplɔ̃ ŋu emegbe.
13
Boŋ la, kpe ame dahewo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo.
14
Ekema le ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi ŋkekea dzi la, Mawu ŋutɔ axe fe na wò be èwɔ dɔmenyo na ame siwo mate ŋu aɖo eteƒe na wò o.”
15
Ŋutsu aɖe si nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu la se nya siwo katã wògblɔ, ale wògblɔ na Yesu be, “Mɔnukpɔkpɔ gã blibo ka wòanye be ame nakpɔ mɔ age ɖe mawufiaɖuƒe la me!”
16
Yesu ɖo eƒe nya la ŋu nɛ be, “Ŋutsu aɖe ɖo kplɔ̃ gã aɖe eye wòkpe ame geɖewo.
17
Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ be wɔnawo nadze egɔme la, edɔ eƒe subɔvi ɖe ame siwo wòkpe la gbɔ be wòaɖayɔ wo vɛ.
18
Gake ame sia ame de asi taflatsɛdodo me esi subɔvi la yi. Ame ɖeka do taflatsɛ be yeƒle anyigba aɖe eye yedi be yeayi aɖalé ŋku ɖe eme eya ta yemate ŋu ava o.
19
Bubu hã do taflatsɛ be, yeƒle nyitsu ewo be woawɔ dɔ le yeƒe agble me eya ta yeyina wo do ge akpɔ.
20
Ame bubu hã gado taflatsɛ be nyitsɔ laa ko yeɖe srɔ̃ eya ta yemate ŋu agble nyɔnua ɖi ava o.”
21
Subɔvi la trɔ va gblɔ nya siwo ameawo gblɔ la na eƒe aƒetɔ. Dɔme ve aƒetɔa ŋutɔ eya ta edɔ eƒe subɔvi la wòyi dua ƒe ablɔwo dzi kple kpɔdomeewo ɖayɔ nubialawo, tekunɔwo, lãmetututɔwo kple ŋkunɔwo va kplɔ̃a ŋui.
22
Togbɔ be wòwɔ esia hã la, teƒe ganɔ kplɔa ŋu ko.”
23
Aƒetɔ la gagblɔ na subɔvia be, “Enyo, yi dua ƒe mɔ gãwo dzi, kple kpɔwo godo eye naƒoe ɖe ame siwo katã nakpɔ la nu bena woava, be aƒea me nayɔ.
24
Elabena ame siwo katã mekpe gbã la ƒe ɖeke maɖɔ nu siwo meɖa na wo la ƒe ɖeke kpɔ o.”
25
Ame geɖe ŋutɔ nɔ Yesu yome nɔ yiyim. Ale wòtrɔ ɖe wo ŋu hegblɔ na wo be.
26
“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ẽ, le nyateƒe me ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã, ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
27
Ame si matsɔ eƒe atitisoga akplɔm ɖo o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.”
28
“Ne ame aɖe be yeanɔ yonyeme la, ele be wòabu eŋuti kpɔ nyuie hafi. Ame kae aɖo be yeatu xɔ ke mawɔ akɔnta tso ga home si wòagblẽ la ŋu eye wòakpɔe ɖa be ga si le ye si la ade xɔa tutu nu o mahã?
29
Ne mewɔ nenema o, wòɖo xɔa ƒe gɔmeɖokpewo la, akpɔe be ga megale ye si yeayi etutu dzi o. Ale amewo katã akoe!”
30
Woaɖu fewu hã le eŋu be, ‘Mikpɔ ame ma ɖa! Eyae dze xɔ ma tutu gɔme gake mete ŋu wu enu hafi ga vɔ le esi o.’
31
”Alo fia kae atso kpla ko ayi aʋa ke mayɔ eƒe aɖaŋudelawo be woawɔ akɔnta le futɔwo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu akpɔe ɖa be yeƒe asrafo akpe ewo ate ŋu aɖu futɔwo tɔ akpe blaeve dzi o?
32
Nenye be wòakpɔe be yeƒe asrafowo mate ŋu aɖu dzi o la, adɔ ame ɖo ɖe futɔwo gbɔ be wòawɔ ŋutifafa kple wo hafi woava ɖo eƒe du gbɔ.
33
Ale ame aɖeke mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o, negbe ɖe wònɔ anyi gbã, bu eƒe kesinɔnuwo katã ŋu eye wògbe nu le wo gbɔ ɖe tanye hafi!
34
”Ŋudɔwɔnu kae dze, si bu eƒe vivi la ganye?
35
Dze si bu eƒe vivi la meganyo na naneke o, menyo na aɖudodo gɔ̃ hã o. Đeko wòle be woatsɔe aƒu gbe. Miɖo to nyuie, nenye be miedi be yewoase nu si mewɔnɛ la gɔme.”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24