bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Luke 17
Luke 17
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
1
Gbe ɖeka la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Tetekpɔ ava mia dzi ɖaa be miawɔ nu vɔ̃ gake baba na ame si ate nɔvia kpɔ.”
2
Enyo nɛ be woatsɔ kpe gã aɖe atsi ɖe kɔ nɛ, eye woatsɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒu me wu esi wòaɖia ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka nu wòawɔ nu vɔ̃.
3
Eya ta minɔ ŋudzɔ.“Ne nɔviwò wɔ nu vɔ̃ la, ka mo nɛ eye ne etrɔ le eƒe dzime la, tsɔe kee.
4
Ne èda vo ɖe ŋuwò zi adre le ŋkeke ɖeka dzi eye wòva zi adre va gblɔ be, ‘Metrɔ dzime la, ekema tsɔe kee.”
5
Le ɣebubuɣi la, apostoloawo gblɔ na Aƒetɔ la be, “Míedi be míaƒe xɔse nasẽ ŋu ɖe edzi. Fia nu si míawɔ la mí.”
6
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be xɔse le mia si lolo abe kutsetse suetɔ kekeake ene la, ate ŋu ana be miaɖe gbe na ati gã sia be neho yi ɖadze ƒu me eye wòawɔ miaƒe gbe dzi.”
7
Mia dometɔ ka ƒe dɔla anɔ agble ŋlɔm alo le alẽ kplɔm eye wòtrɔ tso agble va aƒe me eye wòagblɔ na dɔla be, ‘Va nɔ anyi eye naɖu nu?
8
Ke magblɔ nɛ boŋ be, ‘Wɔ nye fiẽnuɖuɖu, dzra ɖokuiwò ɖo eye nãva subɔm le nye kplɔ̃ ŋuti maɖu nu eye mano nu, le esia megbe wò hã nãɖu nu, nãno nu oa?
9
Đe wòada akpe na dɔla la elabena ewɔ nu si wogblɔ nɛ be newɔa?
10
Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be, ele be makafu mi o, elabena miaƒe dɔdeasi ko miewɔ!”
11
Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi.
12
Woge ɖe kɔƒe aɖe me eye le afi ma la, wokpɔ kpodɔléla ewo wonɔ tsitre ɖe adzɔge nɔ ɣli dom be,
13
” Aƒetɔ Yesu, kpɔ nublanui na mí”.
14
Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe Osɔfowo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.
15
Wo dometɔ ɖeka trɔ va Yesu gbɔ kple dzidzɔ henɔ ɣli dom be, “Woakafu Mawu, elabena nye lãme sẽ.”
16
Edze klo ɖe Yesu ƒe akɔme le anyigba eye wòda akpe nɛ le esi wòyɔ dɔe ta. Ame sia nye Samariatɔ, ame siwo womebuna ɖe naneke me o.
17
Yesu biae be, “Menye ŋutsu ewo ŋue meda gbe le oa? Asieke mamleawo ya ɖe?
18
Nu ka ta wònye amedzro sia koe trɔ va be yeakafu Mawu?”
19
Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nãdzo, wò xɔsee da gbe le ŋuwò.”
20
Gbe ɖeka la, Farisitɔwo va bia Yesu be “Ɣekaɣie mawufiaɖuƒea le egɔme dze ge?” Yesu ɖo eŋu be, “Mawufiaɖuƒea mava kple dzesi siwo miakpɔ kple ŋku o.
21
Miate ŋu agblɔ be, edze egɔme tso afi sia alo dukɔ la ƒe akpa kemɛ o. Elabena mawufiaɖuƒe la le mía dome xoxo.”
22
Emegbe la, Yesu gaƒo nu le nu sia ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi miadim be manɔ mia gbɔ ŋkeke ɖeka pɛ ko. Gake nyemanɔ anyi o.”
23
Amewo ava gblɔ na mi be metrɔ gbɔ eye mele afii alo afi mɛ. Migaxɔ wo dzi se o, eye migayi be yewoadim o.”
24
Elabena ne matrɔ gbɔ la, mianya kokoko. Nye tɔtrɔ gbɔ adze nyuie abe ale si dzi kea dzo le alilĩkpowo mee ene, be ame sia ame nakpɔe.
25
Gake gbã la, ele be makpe fu vevie eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.”
26
Hafi matrɔ agbɔ la, xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Noa ŋɔli pɛpɛpɛ ene.
27
Amewo nɔ nutsu ɖum, nɔ srɔ̃ ɖem eye agbe vivi ɖuɖu nɔ edzi vevie va se ɖe esime Noa ge ɖe eƒe aɖakaʋu la me eye tsiɖɔɖɔ va tsrɔ̃ ame bubuawo katã.”
28
”Xexeame anɔ abe ale si wònɔ le Lɔt ƒe ŋkekewo me ene. Ame sia ame nɔ eƒe gbe sia gbe dɔ wɔm pɛpɛpɛ. Wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, wonɔ asi ƒlem, wode agble, tu xɔ gãwo
29
va se ɖe ŋdi si Lɔt dzo le Sodom. Eye dzo kple dzokpexɔxɔwo dza tso dziƒo hetsrɔ̃ ameawo katã.”
30
Ẽ, nenema ke amewo anɔ woƒe dɔwo dzii va se ɖe esime gaƒoƒo si dzi matrɔ gbɔ la naɖo.
31
” Ame siwo manɔ aƒe gbe ma gbe o la, megatrɔ yi aƒe me be yewoaƒo ƒu yewoƒe nuwo o.” Ame siwo le agble la megaxa trɔ yi aƒe me le dua me o.
32
Miɖo ŋku nu si dzɔ ɖe Lɔt srɔ̃ dzi!
33
Ame sia ame si adi vevie be yeatsi agbe la aku eye ame si aku la, atsi agbe.
34
Le zã ma me la, ame eve amlɔ abati ɖeka dzi eye woava kplɔ ɖeka dzoe agble ɖeka ɖi.
35
Nyɔnu eve woanɔ wɔ tum le teƒo, woaxɔ ɖeka, eye woagble evelia ɖi.
36
Ame eve lanɔ agble me woatsɔ ɖeka agble evelia ɖi.
37
Eƒe nusrɔ̃lawo biae be, “Aƒetɔ, afi kae woakplɔ wo ayi?” Yesu ɖo eŋu na wo bena, “Afi si wotsɔ nu kukuwo ƒu gbe ɖo la, afi mae akagawo hã nɔna!”
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24