bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Luke 18
Luke 18
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
1
Gbe ɖeka la, Yesu do lo sia na eƒe nusrɔ̃lawo be wòatsɔ fia wo be ehĩa be woanɔ gbedodoɖa dzi atraɖii va se ɖe esime woxɔ ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo.
2
Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o.
3
Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be wòatso afia na ye le ye kple ŋutsu aɖe si dze agɔ le ye dzi la ƒe nya me.
4
”Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la egblɔ na eɖokui bena, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la,
5
le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’”
6
Yesu yi edzi be, “Nenye be woɖe fu na ʋɔnudrɔ̃la vɔ̃ɖi sia va se ɖe esime wòlɔ̃ be yeawɔ nu si wobia tso esi la, ɖe
7
miebu be Mawu matso afia na via siwo le kuku ɖem nɛ zã kple keli la oa?
8
Le nyateƒe me, ãɖo woƒe biabiawo ŋu na wo enumake. Gake biabia lae nye be, Nenye be nye Mesia la, metrɔ gbɔ ɖe, ame nenie makpɔ siwo ƒe xɔse anɔ te eye woanɔ gbedodo ɖa dzi?”
9
Azɔ Yesu do lo sia na ame aɖewo siwo dana eye womekpɔa ame bubuwo ɖe naneke me o la be,
10
“Ame eve aɖewo yi gbedoxɔ me be woado gbe ɖa. Đeka nye Farisitɔ eye evelia nye nudzɔla aɖe.
11
Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be, nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, vevitɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o.” Elabena nyemebaa ame o, nyemewɔa ahasi o,
12
meblaa nu zi eve le kɔsiɖa ɖeka me, eye metsɔa nye nukpɔkpɔwo ƒe ewolia naa Mawu.’”
13
Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke eye wòde mo to heƒo eƒe akɔta kple vevesese do gbe ɖa kple ɣli be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’
14
Mele egblɔm na mi bena, nudzɔla sia trɔ yi aƒe me kple dzidzɔ elabena wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee! Ke wometsɔ Farisitɔ la ƒe nu vɔ̃ kee o, elabena woabɔbɔ dadalawo katã ɖe anyi eye woado ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la ɖe dzi.”
15
Gbe ɖeka la, dzila aɖewo kplɔ wo viwo vɛ be Yesu nada asi ɖe wo dzi ayra wo. Gake nusrɔ̃lawo nya wo ɖa be woadzo.
16
Ke Yesu yɔ ɖeviawo va eɖokui gbɔe eye wògblɔ be, “Mina ɖevi suewo nava gbɔnye eye migaxe mɔ na wo o, elabena ame sia tɔgbiwo tɔe nye mawufiaɖuƒe la.
17
Le nyateƒe me, mele gblɔm na mi be, ame si maxɔ mawufiaɖuƒe la abe ɖevi sue ene o la, mage ɖe eme gbeɖe o.”
18
Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu kae mawɔ be mayi dziƒo?”
19
Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.
20
Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò, kple bubuawo.”
21
Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”
22
Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nãwɔ, yi nãdzra nu siwo katã le asiwò eye nãtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nãdze yonyeme.”
23
Gake esi ŋutsua se nya sia la, etrɔ dzo nublanuitɔe, elabena kesinɔtɔ gã aɖe wònye.
24
Yesu nɔ eyome kpɔm esi wòyina eye wògblɔ be, “Asesẽ na kesinɔtɔ ŋutɔ be wòage ɖe mawufiaɖuƒe la me!
25
Anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vo me ado, tsɔ wu be kesinɔtɔ nage ɖe mawufiaɖuƒea me.”
26
Ame siwo le afi ma se nya si wògblɔ la gblɔ be, “Nenye be esesẽ alea ɖe, ekema ame ka koŋ ate ŋu akpɔ ɖeɖe sia?”
27
Eɖo eŋu be, “Mawu ate ŋu awɔ nu si amegbetɔ mate ŋu awɔ o!”
28
Petro gblɔ nɛ be, “Míawo la míegble míaƒe aƒewo kple nu sia nu ɖi dze yowòme.”
29
Yesu ɖo eŋu be, “Esia le me vavã eye ame sia ame si gble eƒe aƒe, srɔ̃a, nɔviawo, dzilawo alo viawo ɖi ɖe mawufiaɖuƒea ta la,
30
akpɔ fetu geɖe fifia, eye wòakpɔ agbe mavɔ hã le xexeme si le vava ge la me.”
31
Eyɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso ŋutinye la le eme va ge.
32
Woatsɔm ade asi na Trɔ̃subɔlawo be woaɖu fewu le ŋunye, ado ŋukpem nyuie, woaɖe ta ɖe ŋunye,
33
aƒom eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la mafɔ tso ku me.”"
34
Nusrɔ̃lawo mese eƒe nya siwo wògblɔ la ɖeka pɛ hã gɔme o, elabena edze abe ele nu ƒom na wo le lododo me ene.
35
Esi wote tu Yeriko la, wokpɔ nubiala ŋkuagbãtɔ aɖe wònɔ mɔ to nɔ nu biam le mɔzɔlawo si.
36
Esi wòse ameha aɖe ŋkɔ wòva yina la, ebia ame aɖe be wòagblɔ nu si nɔ dzɔdzɔm la na ye.
37
Amea gblɔ nɛ be," “Yesu Nazaretitɔ lae va yina.”
38
Ale wòde asi ɣlidodo me be, “Yesu David Vi la, kpɔ nye nublanui!”
39
Ame siwo nɔ Yesu ŋgɔ la di be yewoaɖo asi ŋkuagbãtɔa dzi, gake ɖeko wògado ɣlia sesĩe wu be, “David Vi, kpɔ nye nublanui.”
40
Esi Yesu va ɖo afi si wònɔ la, etɔ, eye wògblɔ be, “Mikplɔ ŋkuagbãtɔ ma va afii.”
41
Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”
42
Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nãkpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
43
Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24