bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
/
Luke 5
Luke 5
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
1
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam le Genesaret ta to la, ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe eŋu be yewoase Mawu ƒe nya la.
2
Yesu kpɔ ʋu eve siwo me ame aɖeke menɔ o la le ta la to. Đɔkplɔlawo nɔ woƒe ɖɔwo kpalam le tsia me.
3
Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me eye wògblɔ na Simɔn, ame si tɔ nye ʋua, be woakui ayi tsia dzi vie bena yeanɔ eme afia nu ameha la tso afi ma.
4
Esi wòwu nuƒoa nu la, egblɔ na Simɔn be, “Azɔ miyi tsia ƒe gogloa ƒe ke ne miada ɖɔ ɖe afi ma ekema mia ɖe lã fũu.”
5
Simɔn ɖo eŋu nɛ be, “Amegã, egbe zã bliboa katã míeda ɖɔ ʋuu gake míeɖe naneke o gake esi nègblɔe ko la, míagatee akpɔ.”
6
Wogada ɖɔ la ake, ke azɔ la, woɖe lã ale gbegbe be woƒe ɖɔwo koe de asi vuvu me!
7
Ale Simɔn kple nɔvia wodo ɣli yɔ wo nɔvi siwo nɔ ʋu bubu me le tsia dzi la be wòava kpe ɖe yewo ŋu. Woɖe lã fũu wòyɔ ʋu eveawo ale gbegbe be ʋuawo di be yewoanyrɔ̃ gɔ̃ hã.
8
Simɔn Petro kpɔ nu si va dzɔ la, eya ta wòdze klo ɖe Yesu kɔme hegblɔ be, “O, Aƒetɔ, meɖe kuku dzo le mía gbɔ elabena nye nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ eye nyemedze be mate ɖe ŋuwò o.”
9
Elabena lã geɖe si woɖe la wɔ nuku na Petro kple eƒe dɔwɔhatiwo.
10
Nenema kee nye Yakobo kple Yohanes ame siwo nye Zebedeo viwo eye woganye Simɔn ƒe dɔwɔhatiwo hã. Yesu gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Tso azɔ dzi heyina la, miazu amewo ƒe luʋɔwo ɖelawo!”"
11
Esi wova ɖi go teti ko la, wogblè woƒe nuwo katã ɖe afi ma hedze Yesu yome.
12
Gbe ɖeka la Yesu kpɔ kpotɔ aɖe le kɔƒe aɖe si me wòɖi tsa de la. Esi kpotɔ sia kpɔ Yesu ko la, edze klo tsyɔ mo anyi heɖe kuku nɛ vevie be wòada gbe le ye ŋu. Egblɔ be," “Aƒetɔ, ne èlɔ̃ la, na be ŋutinye nakɔ.”
13
Yesu tɔ asi ŋutsua hegblɔ be, “Ẽ, melɔ̃. Eya ta ŋuwò nekɔ fifi laa. ” Ŋutsua ŋuti kɔ enumake eye dɔ la vɔ le eŋu.
14
Azɔ Yesu de se nɛ be megagblɔe na ame aɖeke o, ke boŋ neyi Yudatɔwo ƒe osɔfo gbɔ. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Yi nãna vɔsanu si ame siwo haya tso kpodɔléle me la nana le Mose ƒe sea nu. Esia afia ame sia ame be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”"
15
Nya sia kaka ɖe teƒe geɖewo xoxo eye ame geɖewo ŋutɔ ƒo zi ɖe eŋu be yewoase eƒe mawunya eye wòada gbe hã le yewo ŋu.
16
Gake zi geɖe la, edia ɣeyiɣi aɖe dona le wo dome dzaa yia gbedzi afi aɖe ɖadoa gbe ɖa.
17
Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem me. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu."
18
Kasia, ame aɖewoe nye si kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe,
19
gake womete ŋui o, le ameha la ta. Le esia ta wolia xɔa eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔ la ɖe Yesu kɔme tututu.
20
Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”
21
Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”
22
Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo be, “Nu kae nye busunya? Đe nu vɔ̃ tsɔtsɔke sẽ wu gbedada le ame ŋua?
23
Nye si nye Mesia la ŋusẽ le asinye le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eya ta maɖe ŋusẽ sia
24
afia mi kɔtɛe to gbedada le ŋutsu sia ŋu me.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tre nãŋlɔ wò aba nãyi aƒe me.”
25
Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu, kasia ŋutsua tsi tre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba eye wòɖo ta aƒe me henɔ Mawu kafum bobobo.
26
Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”
27
Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ nudzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Nudzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe agbadɔ aɖe te nɔ nu dzɔm. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nãzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”
28
Ale Levi gblè nu sia nu ɖi eye wòtso enumake hedze eyome.
29
Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu.
30
Farisitɔwo kple agbalẽfialawo kpɔ kpɔtsɔtsɔ le Yesu ƒe nuwɔna sia ŋu eye wohe nya kple eƒe nusrɔ̃lawo vevie be Yesu ɖu nu kple nu vɔ̃ wɔlawo.
31
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Dɔnɔwoe hĩa na gbedada menye lãmesesẽtɔwo o.
32
Đe meva be maɖe nu vɔ̃ wɔlawo tso woƒe nu vɔ̃ wɔwɔwo me, ke menye be magblẽ ɣeyiɣi ɖe ame siwo be yewonye ame dzɔdzɔewo la ŋu o.”
33
Ameawo gayi edzi bia Yesu be, “nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Faristɔwo wɔnɛ ene, o ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã?”
34
Ke Yesu bia wo be, “Ne ame aɖe le dzidzɔ kpɔm ɖe, agbe nuɖuɖua? Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ le nuɖukplɔ̃a ŋu kpli wo hã?
35
Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ eye ne edzɔ alea la, nuɖuɖu magadzro wo o.”
36
Azɔ Yesu do lo sia na wo be, “Ame aɖeke metsɔa avɔnuɖeɖi yeye kaa avɔ xoxo si vuvu lae o. Ne wotsɔ avɔnuɖeɖi yeye ka avɔ xoxo si vuvu la, menyakpɔna o; gawu la enana be avɔa ƒe teƒe si woka la gavuvuna ɖe edzi wu tsã.
37
Nenema ke, womekɔa aha yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o; ne wowɔ esia la, aha yeye la ƒe ŋusẽ ana be lãgbalẽgolo xoxo la awo eye aha la katã akɔ ɖe anyigba.
38
Ke boŋ lãgbalẽgolo yeye mee wòdze be woakɔ aha yeye ɖo.
39
Nenema kee, ame aɖeke menoa aha tsitsi vɔ teti ko ganoa yeyetɔ tɔtɔnɛ o, elabena wogblɔna godoo be, ‘Mɔ xoxotɔwo nyo wu.’”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24