bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezra 10
Ezra 10
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
1
Esi Ezra do gbeɖa, eye wòʋu eɖokui me, efa avi, eye wòmlɔ mawuxɔ ŋgɔ la, ameha gãa ɖe ŋutɔ tso Israel va kpe ta ɖe egbe ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo; elabena dukɔ la fa avi vevie.
2
Tete Yexiel vi Sexanya, amesi tso Elam viwo dome la, xɔ edzi gblɔ na Ezra bena; Mieto vo ɖe mia Mawu la ŋu, be míeɖe nyɔnu tutɔwo tso anyigba dzi dukɔwo dome, ke mɔkpɔkpɔ gale Israel ŋu le esia ta.
3
Eyata mina míabla nu kple mía Mawu la, ne míaɖe nyɔnuawo katã kple vi, siwo wodzi la ɖa, le nye aƒetɔ kple amesiwo vɔvɔ̃ ɖo le mía Mawu ƒe sea ŋu la ƒe aɖaŋuɖoɖo nu, eye woawɔe le se la nu!
4
Tso, elabena nya la le asiwò me, eye míeli kpli wò; le dzi de ƒo, eye nawɔe!
5
Tete Ezra tsi tre, eye wona, amegã, siwo tso nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple dukɔ blibo la: dome la, woka atam be, yewoawɔ ɖe nya siawo nu. Eye woka atam la.
6
Tete Ezra fɔ tso mawuxɔ la ŋgɔ heyi Yoxanan, Elyasib vi ƒe xɔ me. Eye esi wòva afima la, meɖu abolo o, eye meno tsi o. Elabena exa nu le aboyomeawo ƒe nu tovo wɔwɔ ŋuti.
7
Tete wona woɖe gbe ƒã na aboyomeawo katã le Yuda kple Yerusalem be, woava kpe ta ɖe Yerusalem.
8
Ke ne amea ɖe meva le ŋkeke etɔ̃ me o la, woagblẽ eƒe kesinɔnuwo kalã gbidigbidi, eye woaɖe eya ŋulɔ le aboyomewo ƒe ha la me, abe alesi amegãwo kple ame tsitsiwo ɖo ene.
9
Tete Yuda-ŋutsuwo kple Benyamin-ŋutsuwo va kpe ta ɖe Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blavelia dzi, eye dukɔ blibo la haha nɔ anyi ɖe dogba dzi le Mawu ƒe xɔ la ŋgɔ, eye wole dzodzom nyanyanya le nya la kple tsidzadza ta.
10
Eye nunɔla Ezra tsi tre gblɔ na wo bena Miewɔ nu tovo be, mieɖe nyɔnu tutɔwo, ne miana Israel ƒe fɔɖiɖi nadzi ɖe dzi.
11
Eyata miʋu mia ɖokui me na. Yehowa, mía Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eye miklã mia ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo kple nyɔnu tutɔwo ŋu!
12
Tete dukɔ blibo la do ɣli sesĩe ɖo ŋu bena: Alesi nègblɔ la, nenema míawɔ!
13
Ke dukɔ la sɔ gbɔ, eye wonye tsidzaɣi, be womate ŋu anɔ tsitre ɖe xexe o, eye dɔ la menye ŋkeke ɖeka alo ŋkeke eve tɔ wònye o, elabena míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le nya sia me.
14
Woaɖo míaƒe amegãwo na ameha blibo la, eye amesiame, si le míaƒe duwo me, ɖe nyɔnu tutɔwo la, nava le ɣeyiɣi tɔxɛ dzi, eve du la ƒe ame tsitsiwo kpe ʋɔnudrɔ̃lawo nakpe de wo ŋu, vaseɖe esime míana mía Mawu ƒe dɔmedzoe nu nafa de mía ŋu le nya sia ta.
15
Negbe Yonatan, Asahel vi, kple Yaxzeya, Tikwa vi, koe tsi tre de nya la ŋu, eye Mesulam kple Sabetai, amesiwo nye Lewi-viwo la, de wo dzi.
16
Ke aboyomeawo wɔ nenema, eye wotia nunɔla Ezra kple ŋutsu, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo le woƒe aƒekɔwo nu, amesiame kple eƒe ŋkɔ; eye wodi ʋɔnu le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi be, woadzro nya la me.
17
Eye wowu nya la nu na ŋutsu, siwo katã de nyɔnu tutɔwo, vaseɖe dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.
18
Nunɔlãwo ƒe vi, siwo ɖe nyɔnu tutɔwo, wokpɔ le Yozadak vi, Yesua ƒe viwo kple nɔviawo dome la, wonye Maaseya. Eliezer, Yarib kple Gedalya,
19
eye woɖo be, yewoaɖe asi le yewo siawo bu, eye yewoana agbo ɖeka woawɔ fɔɖivɔsa de yewoƒe fɔɖiɖi la ta.
20
Amesiwo tso Imer viwo dome la, wonye Xanani kple Zebadya.
21
Amesiwo tso Xarim viwo dome la, wonye Maaseya, Eliya. Semaya, Yexiel kple Uziya.
22
Amesiwo tso Pasxur viwo dome la, wonye Elyoenai, Maaseya, Ismael, Netaneel, Yozabad kple Eleasa.
23
Amesiwo tso Lewi-viwo dome la, wonye Yozabad, Simei, Kelaya, eya enye Kelita, Petaxya, Yuda kple Eliezer.
24
Amesi tso hadzilawo dome la, enye Elyasib. Amesiwo tso agbonudzɔlawo dome la, wonye Salum, Telem kple Uri.
25
Esiwo tso Israel, wonye esi. Amesiwo tso Pareos viwo dome la, wonye Ramya, Yiziya, Malkiya. Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya.
26
Amesiwo tso Elam viwo dome la, wonye Matanya, Zaxarya, Yexiel, Abdi, Yeremot kple Eliya.
27
Amesiwo tso Zatu viwo dome la, wonye Elyoenai, Elyasib, Matanya, Yeremot, Zabad kple Aziza.
28
Amesiwo tso Bebai viwo dome la, wonye Yoxanan, Xananya, Zabai kple Atlai.
29
Amesiwo tso Bani viwo dome la, wonye Mesulam, Malux, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot.
30
Amesiwo tso Paxat-Moab viwo dome la, wonye Adna, Xelal, Benaya, Maaseya, Matanya, Bezaleel, Binui kple Manase.
31
Amesiwo tso Xarim viwo dome la, wonye Eliezer, Yisiya, Malkiya, Semaya, Simeon,
32
Benyamin, Malux kple Semarya.
33
Amesiwo tso Xasum viwo dome la, wonye Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei.
34
Amesiwo tso Bani viwo dome ta, wonye Maadai, Amram, Uel,
35
Benaya, Bedya, Keluhu,
36
Wanya, Meremot, Elyasib,
37
Matanya, Matnai, Yaasai,
38
Bani, Binui, Simei,
39
Selemya, Natan, Adaya,
40
Maxnadbai, Sesai, Sarai,
41
Azareel, Selemya, Semarya,
42
Salum, Amarya kple Yosef.
43
Amesiwo tso Nebo viwo la, wonye Yeiel, Matitya, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya.
44
Amesiawo katã ɖe nyɔnu tutɔwo, eye nyɔnuawo dometɔa ɖewo dzi viwo.
← Chapter 9
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10