bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezra 8
Ezra 8
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 9 →
1
Aƒekɔwo ƒe tatɔwo kple woƒe ƒome, siwo tso Babel yi kplim le fia Artaxsasta ƒe fiaɖudu me la ƒe ŋkɔwo nye esi.
2
Amesi tso Pinexas viwo dome, enye Gerson. Amesi tso Itamar viwo dome, enye Daniel. Amesi tso Dawid viwo dome, enye Xatus,
3
si tso Sexanya viwo dome. Amesi tso Pareas viwo dome, enye Zaxarya, eye woŋlɔ ŋutsu alafa ɖeka kple blaatɔ̃ kpe ɖe eŋu.
4
Amesi tso Paxat-Moab viwo ɖome, enye Elyoenai, si nye Zeraxya vi, eye ŋutsu alafa eve kpe ɖe eŋu.
5
Amesi tso Zatu viwo dome, enye Sexanya, Yexaziel vi, eye ŋutsu alafa etɔ̃ kpe ɖe eŋu.
6
Amesi tso Adin viwo dome, enye Ebed, Yonatan vi, eye ŋutsu blaatɔ̃ kpe ɖe eŋu.
7
Amesi tso Elam viwo dome, enye Yesaya, Atalya vi, eye ŋutsu blaadre kpe ɖe eŋu.
8
Amesi tso Sefatya viwo dome, enye Zebadya, Mixael vi; eye ŋutsu blanyi kpe ɖe eŋu.
9
Amesi tso Yoab viwo dome, enye Obadya, Yexiel vi; eye ŋutsu alafa eve kple wuienyi kpe ɖe eŋu.
10
Amesi tso Bani viwo dome, enye Selomit, Yosifya vi; eye ŋutsu alafa ɖeka kple blaade kpe ɖe eŋu.
11
Amesi tso Bebai viwo dome, enye Zaxarya, Bebai vi; eye ŋutsu blave vɔ enyi kpe ɖe eŋu.
12
Amesi tso Azgad viwo dome, enye Yoxanan, Hakatan vi; eye ŋutsu alafa ɖeka kple ewo kpe de eŋu.
13
Amesiwo tso Adonikam vi mlɔeawo dome ƒe ŋkɔwo nye; Elifelet, Yeiel kple Semaya, eye ŋutsu blaade kpe ɖe wo ŋu.
14
Amesiwo tso Bigewai viwo dome, wonye; Utai kple Zabud, eye ŋutsu blaadre kpe de wo ŋu.
15
Tete meƒo wo nu ƒu ɖe tɔsisi, si si ɖo ta Axawa la nu, eye míeƒu asaɖa anyi ɖe afima ŋkeke etɔ̃; eye esi melé ŋku ɖe dukɔ la kple nunɔlawo dome la, nyemekpɔ Lewi-via ɖeke le afima o.
16
Tete medɔ Eliezer, Ariel, Semaya, Elnatan, Yarib, Elnatan, Natan, Zaxarya kple Mesulam, amesiwo nye nufialawo.
17
Medɔ wo ɖe Iɖo, amesi nye tatɔ le Kasifya, eye mede gbe asi na wo, ne woagblɔ na Ido kple nɔvia, siwo nye gbedoxɔ me dɔwɔlawo le Kasifya, be woakplɔ subɔlawo vɛ na mí ɖe mía Mawu ƒe aƒe la ŋu.
18
Eye esi wònye mía Mawu ƒe asi nyui le mía dzi ta la, wokplɔ Isexei, si tso Maxli, amesi nye Lewi vi, amesi nye Israel vi ƒe viwo dome, kple Serabya kple viawo kpakple nɔviawo vɛ na mí, wole ame wuienyi.
19
Xasabya kple Yesaya, amesi tso Merari viwo dome, kpe ɖe eŋu; nɔviawo kple wo viwo le ame blave.
20
Amesiwo tso gbedoxɔ me dɔwɔla, siwo Dawid kple amegãwo na ɖe Lewi-viwo ƒe subɔsubɔ ŋu dome la, le gbedoxɔ me dɔwɔla alafa eve kple blave, woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖi.
21
Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.
22
Elabena ŋu le kpeyem be, mabia aʋakɔ kple sɔdolawo le fia si, ne woaxɔ na mí tso futɔvvo si me le mɔta, elabena míegblɔ na fia la bena: Mía Mawu ƒe asi le amesiwo katã dinɛ la dzi hena woƒe nyonyo, ke eƒe ŋusẽ kple dziku le amesiwo katã gblẽnɛ di la dzi.
23
Ale míetsi nu dɔ, eye míeƒo koko na mía Mawu la le esia ta, eye wowɔ edzi na mi.
24
Míetia nunɔlawo ƒe amegã wuieve, Serebya kple Xasabya hekpe ɖe wo nɔviwo dometɔ ewo ŋu,
25
eye meɖa klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnua, siwo fia kple adaŋumegãwo kple eƒe amegãwo kpakple Israel blibo, si va la na, wonye nunana kɔkɔe na mía Mawu ƒe aƒe la, na wo.
26
Eye meda nuawo ɖe asi na wo, klosalo talento alafa ade kple blaatɔ̃, klosalonuwo le talento alafa ɖeka, sika le talento alafa ɖeka,
27
sikakplu blave le dariko akpe ɖeka, kpakple akɔblinu xɔasi eye, siwo daa dzo abe sika ene, eye woƒe esime de sikatɔ nu.
28
Eye megblɔ na wo be: Míele kɔkɔe na Yehowa, eye nuawo le kɔkɔe, klosalo kple sikawo nye nusiwo wona Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu la faa la,
29
Midzɔ eŋu, eye midzrae ɖo, vaseɖe esime miada wo le Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔwo me le nunɔlawo ƒe amegãwo, Lewi-viwo kple Israel ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ŋku me le Yerusalem.
30
Tete nunɔlawo kple Lewi-viwo xɔ klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnu, siwo woda la, be woatsɔ wo ayi mía Mawu ƒe me le Yerusalem.
31
Tete míedze mɔ tso Ahawatɔsisi la nu le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi, be míayi Yerusalem. Eye mía Mawu ƒe asi le mía dzi wòɖe mi tso futɔwo kple mɔ dzi xadelawo si me.
32
Eye m eya Yerusalem henɔ afima ŋkeke etɔ̃.
33
Le ŋkeke eneagbe la woda klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo le mía Mawu ƒe aƒe la me de asi na nunɔla Meremot, Uriya vi; Eleazar, Pinexas vi, kpe ɖe eŋu, eye Yozabad, Yesua vi, kple Noadya, Binui vi, amesiwo nye Lewi-viwo, kpe ɖe wo ŋu.
34
Woda nuawo katã le woƒe xexlẽme kple kpekpeme nu, eye woŋlɔ kpekpeme blibo la ɣemaɣi.
35
Eye amesiwo gbɔ tso aboyo me, siwo nye aboyomewo la, sa numevɔ na Israel ƒe Mawu la, nyitsu wuieve ɖe Israel blibo la nu, agbo blaasieke vɔ ade, alẽvi blaadre vɔ adre kple gbɔ̃tsu wuieve woawɔ nuvɔ̃vɔsae, wo katã wotsɔ sa numevɔ na Yehowa.
36
Wotsɔ fia ƒe seawo de asi na fia la ƒe dziɖulawo kple anyigba dzikpɔlawo le tɔsisi la ƒe go keme dzi, eye wokpe ɖe dukɔ la kple mawuxɔ la ŋu.
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10