bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezra 6
Ezra 6
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 7 →
1
Emegbe la fia Dario ɖe se be, woadzro me le agbalẽxɔ, si me wodzraa nuwo ɖo le Babel la me.
2
Tete wokpɔ agbalẽa ɖe le Axmeta-mɔ̃, si le Media-nyigba dzi la me, eye ŋkuɖodzinya, si woŋlɔ ɖe eme la, enye si.
3
Le fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la fia Kores ɖe se be, woatu mawuxɔ ɖe Yerusalem wòanye teƒe, si woasa vɔ le; woaɖo egɔme anyi, eve wòakɔ abɔklugui blaade, akeke abɔklugui blaade.
4
Woatsɔ kpe gãwo ãɖo amli etɔ̃, eye amli ɖeka nanye ati; ga, si woɔgblẽ ɖe ete la, natso fiaƒe me.
5
Woagatsɔ mawuxɔ me nuawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo, siwo Nebukadnezar ɖafɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem va Babel la, ana woakɔ ayi gbedoxɔ me le Yerusalem le wo teƒe, eye woada wo ɖe mawuxɔ la me.
6
Eyata Tatnai, anyigba dzikpɔla le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔvi, siwo tso Afarsax le tɔsisi la ƒe go keme dzi, mite ɖa tso afima!
7
Mina woawɔ Mawu ƒe xɔɖɔ la! Yudatɔwo ƒe anyigba dzikpɔla kple Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo netu mawuxɔ sia ɖe eleƒe!
8
Eye mene wole se ɖeni le nusi miawɔ na Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo, be woatu mawuxɔ sia la ŋuti. Woatsɔ fia ƒe nudzɔdzɔ le tɔsisi la ƒe go keme dzi ƒe gawo ana ŋutsu siawo dedie, eye womagaxe mɔ na wo o.
9
Eye ne nane le hiahiãm, eɖanye nyitsuvi, agbo alo alẽvi ɖe numevɔsa na dziƒo Mawu la ŋu; lu, dze wein kple ami la, ekema woatsɔ wo na wo gbesiagbe, abe alesi nunɔla gblɔ le Yerusalem ene, eye womahe ɖe megbe o;
10
ne woado dzodzo ʋeʋẽe na dziƒo Mawu la, eye woado gbe ɖa de fia la kple viawo ƒe agbe ta.
11
Eye mene wole se dem be, ne amea ɖe trɔ nya sia la, woaɖe ati le eƒe xɔ me aklãe ɖe eŋuti, eye eƒe ate atrɔ zu aɖukpo le nya sia la.
12
Eye Mawu, si na be, yeƒe ŋkɔ nana afima la, atsrɔ̃ fia sia fia kple dukɔ, si ado eƒe asi ɖa, be yeatsrɔ̃e, eye yeagblẽ mawuxɔ sia le Yerusalem la! Nye Dario ye ɖe sea, ele be, woawoe pɛpɛpɛ!
13
Esi fia Dario nya ɖo ame ɖa ko la, Tatnai, anyigba dzikpɔla le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔviwo wɔ pɛpɛpɛ, ahe alesi wogblɔ ene.
14
Eye Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo tui wòdze edzi na wo le nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi ƒe nyagblɔɖi la nu, eye wotui hewu enu le Israel ƒe Mawu ƒe sedede kple Kores, Dario kpakple Persia-fia Artaxsasta ƒe sedede nu.
15
Wowu xɔ sia nu vaseɖe dzinu Adar ƒe ŋkeke etɔ̃lia dzi le fia Dario ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adelia me.
16
Eye Israel-viwo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple aboyome mamleawo kɔ mawuxɔ sia ŋu kple dzidzɔ.
17
Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le mawuxɔ la ŋutikɔkɔ me, eye wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe ɖe Israel blibo la ta.
18
Eye wo ɖo nunɔlawo le woƒe ɖoɖowo nu kple Lewi-viwo le woƒe hawo nu ɖe mawusubɔsubɔ nu le Yerusalem, ahe alesi woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽa me ene.
19
Eye aboyomeawo ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi.
20
Elabena nunɔlawo kple Lewi-viwo kɔ wo ɖokui ŋu hahoo; wo katã ŋu kɔ, eye wowu ŋutitotoŋkekenyuielã la ɖe aboyomeawo katã kple nunɔlawo kpakple wo ɖokui la.
21
Eye Israel-vi, siwo gbɔ tso aboyo me la, woɖui hekpe ɖe amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me heva wo gbɔ, be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋuti.
22
Eye woɖu abolo maʋãmaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo, eye wòtrɔ Asur-fia ƒe dzi ɖe wo ŋu be, wòdo ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe Israel ƒe Mawu ƒe xɔ la ŋu dɔwɔwɔ ŋuti.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10