bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezra 5
Ezra 5
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 6 →
1
Eye nyagblɔɖila Xagai kple Zaxarya, Ido vi, gblɔ nya ɖi na Yuɖatɔ, siwo le Yuda kple Yerusalem, le Israel ƒe Mawu, si le wo nu la ƒe ŋkɔ me.
2
Ɣemaɣi Zeruhabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, wotso hede asi Mawu ƒe xɔ la tutu me le Yerusalem, eye Mawu ƒe nyagblɔɖilawo le wo ŋu hedo alɔ na wo.
3
Le ɣemayi la Tatnai, amesi nye anyigba, si le tɔsisi la ƒe go keme dzi la ƒe dzikpɔla, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔviwo va wo gbɔ gblɔ na wo bena: Ameka ɖe gbe na mi be, miatu xɔ sia, eye miaflɔ gliawo nu?
4
Wogblɔ hã bena: Ŋutsu, siwo le xɔ sia tum la ƒe ŋkɔwo ɖe?
5
Ke woƒe Mawu ƒe ŋku le Yudatɔwo ƒe ame tsitsiawo dzi, ale be womexe mɔ na wo o, vaseɖe esime nya la naɖo Dario gbɔ, eye agbalẽ nava na wo le nya la ŋuti.
6
Agbalẽ, si anyigba, si le tɔsisi la ƒe go keme dzi la ƒe dzikpɔla Tatnai kple Setar-Boznai kpakple wo nɔvi, siwo tso Afarsatex, si le tɔsisi la ƒe go keme dzi, ŋlɔ do de fia Dario la me nya enye si.
7
Woɖo du ɖee, eye ale wogblɔ enye si. Ŋutifafawo katã na fia Dario!
8
Fia nenyae be, miede Mawu ga la ƒe xɔ gbɔ le Yuda-nyigba dzi, wotsɔ kpe gãwo le etumi, eye wode atiwo gliawo me, wole dɔ sia dzi kple mo vevi, eye wole ŋgɔ dem le wo si me.
9
Tete míebia ame tsitsi mawo, eye miegblɔ na wo bena: Ameka de gbe na mi be miatu xɔ sia, eye miaflɔ gli siawo nu?
10
Míebia woƒe ŋkɔwo hã la se, eye míeŋlɔ ŋutsu siwo nye woƒe tatɔwo le wo nu la ƒe ŋkɔwo, ne mlína nanya wo.
11
Ale wokpɔ ɖo eŋu na mi enye si. Dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la ƒe dɔiawo míenye, eye míele xɔ, si Israel-fia gãa ɖe tu gbaɖegbe ke ƒe nanewo nye esi va yi la tum.
12
Esi mia fofowo do dziku na dziƒo Mawu la, etsɔ wo de asi na Kaldeatɔ Nebukadnezar, Babel-fia; eya gbã xɔ sia, eye wòɖe aboyo dukɔ la yi Babel.
13
Ke le Babel-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la fia Kores de se be, woatu mawuxɔ sia.
14
Eye mawuxɔ me nuawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo, siwo Nebukadnezar fɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem heyi ada ɖe gbedoxɔ me le Babel la, woawo hã fia Kores fɔ tso gbedoxɔ me le Babel hetsɔ na Sesbazar, amesi wotsɔ ɖo anyigba dzikpɔlae,
15
eye wògblɔ nɛ bena: Tsɔ nusiawo, ne nayi aɖada ɖe gbedoxɔ me le Yerusalem, eye woagatu mawuxɔ ɖe eteƒe.
16
Tete Sesbazar sia va ɖo mawuxɔ la ge me anyi le Yerusalem, eye wole etutu dzi tso ɣemaɣi vaseɖe fifi, womekpɔ wu enu o.
17
Eyata ne edze fia ŋu la, ekema nana woadzro me le fia ƒe nudzradoƒe le Babel le afima be, ele me bena, fia Kores de se be, woata mawuxɔ sia le Yerusalem mahã? Eye alesi fia la kpɔ le eŋu la, woagblɔe ado ɖe mí.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10