bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Ezra 7
Ezra 7
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 8 →
1
Le nya siawo megbe, esime Persia-fia Artaxsasta le fia ɖum la, Ezra ho va; enye Seraya vi, amesi nye Azarya vi, amesi nye Xilkiya vi,
2
amesi nye Salum vi, amesi nye Zadok vi, amesi nye Axitub vi,
3
amesi nye Amarya vi, amesi nye Azarya vi, amesi nye Merayot vi,
4
amesi nye Zeraxya vi, amesi nye Uzi vi, amesi nye Buki vi,
5
amesi nye Abisua vi, amesi nye Pinexas vi, amesi nye Eleazar vi, amesi nye nunɔlawo ƒe tatɔ, Aron vi la.
6
Ezra sia ho tso Babel va, enye agbalẽfiala, eye wòbi ɖe Mose ƒe se, si Yehowa, Israel ƒe Mawu, de la me. Fia la na nusiwo kalã wòbia lae, elabena Yehowa, eƒe Mawu ƒe asi le edzi.
7
Eye amewo tso Israel-viwo, nunɔlawo Lewi-viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔ me dɔwɔlawo dome va Yerusalem kplii le fia la ƒe ƒe adrelia me.
8
Eva Yerusalem le fia la ƒe ƒe adrelia ƒe dzinu atɔ̃lia me.
9
Dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ enye mɔdzegbe tso Babel, eye wòɖo Yerusalem le dzinu atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔi dzi, elabena eƒe Mawu ƒe asi nyui le edzi.
10
Elabena Ezra tsɔ eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.
11
Agbalẽ, si na Artaxsasta tsɔ na nunɔla Ezra, amesi nye agbalẽfiala kple Yehowa ƒe se la ƒe nyawo kpakple eƒe ɖoɖowo na Israel ƒe nufiala la me nya enye si.
12
Artaxsasta, fiawo ƒe fia, ŋlɔe na nunɔla Ezra, amesi nye dziƒo Mawu ƒe seawo fiala kple nya bubuwo.
13
Nyee de se be, Israel-dukɔ la kple eƒe nunɔlawo kpakple Lewi-viwo dome amesiame, si lɔ̃ le eɖokui si le nye fiaɖuƒe me be, yeayi Yerusalem la, nayi kpli wò!
14
Elabena na la kple eƒe adaŋumegã adreawoe ɖo wò ɖa be, natsɔ wò Mawu ƒe se, si le asiwo la adzro Yuda kple Yerusalem me akpɔ,
15
eye natsɔ klosalo kple sika, siwo fia la kple eƒe adaŋumegãwo na Israel ƒe Mawu, si ƒe nɔƒe le Yerusalem la, faa le ayii,
16
akpe ɖe klosalo kple sika, siwo katã nakpɔ le Babel-nyigba blibo la dzi kple nusiwo dukɔ la kple nunɔlawo ana le wo ɖokui si ɖe Mawu ƒe xɔ, si le Yerusalem ŋu faa la ŋuti.
17
Eyata tsɔ ga siawo ƒle nyitsuwo, agbowo kple alẽviwo kpakple wo ŋu uuɖuvɔsawo kple nunovɔsawo pɛgɛpɛ, eye natsɔ wo asa vɔe le mia Mawu ƒe aƒe ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem.
18
Nusianu, si dze mia kple nɔviwo ŋu míebe, yewoawɔ klosalo kple sika susɔeawo la, miwɔe le mía Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu!
19
Eye nusiwo wotsɔ na wò ɖe subɔsubɔ le wò Mawu ƒe xɔ me ŋu la, tsɔ wo na dedie le wò Mawu ŋku me le Yerusalem.
20
Eye ne nane hiã le wò Mawu ƒe xɔ la ŋu nèbe, yea ƒle la, ekema na woana wò tso fia ƒe kesinɔnu dzraɖoƒe.
21
Nye, fia Artaxsasta, mana woade se na kesinɔnu dzikpɔlawo katã le tɔsisi le ƒe go keme dzi be, nusianu, si nunɔla Ezra, amesi nye dziƒo Mawu ƒe sefiala la, abia tso mia si la, mianae pɛpɛpɛ,
22
vaseɖe klosalo talento alafa, lu kor alafa, wein bat alafa kple ami bat alafa dzi kpakple dze alesi nu wodi.
23
Woava nusianu, si nye dziƒo Mawu ƒe se la, pɛpɛpɛ ɖe dziƒo Mawu ƒe xɔ la ŋu, elabena nukaŋuti dɔmedzoe ava fia kple viawo ƒe fiaɖuƒe dzi ɖo?
24
Eye míele nanam mianyae be, amea ɖeke mekpɔ ŋusẽ be, wòaɖo nudzɔdzɔ, adzɔ kple mɔtaho na nunɔlawo, Lewi-viwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo, gbedɔxɔ me dɔwɔlawo kple mawuxɔ la ŋu dɔlawo katã o.
25
Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.
26
Eye ne amea ɖe mewɔ Mawu ƒe se kple fia ƒe se dzi o la, woabu fɔe ɖe eteƒe, eɖanye wòaku alo woaɖee le ha me o, eɖanye wòaxe fe alo woadee gaxɔ o.
27
Woakafu Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, si ɖe nusia dzi me na fia la, be wòaɖo atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ le Yerusalem,
28
eye wòna fia la kple eƒe adaŋumegãwo kple fia la ƒe amegã ŋusẽtɔwo katã ve nunye! Eye dzi do ƒonye meƒo tatɔwo nu ƒu tso Israel, ne woayi kplim, elabena Yehowa, nye Mawu ƒe asi le dzinye.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10