bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Jeremiah 18
Jeremiah 18
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 19 →
1
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si:
2
Tso, nayi zemela ƒe me, afima mana nase nye nyawo le.
3
Tete meyi zemela ƒe me, eye kpɔ ɖa, ele dɔ wɔm le zemenu dzi.
4
Eye ne ze, si mena wòle la gblẽ, abe alesi tsu dia wɔwɔ le zemela si me godoo ene la, ekema zemela la tsɔnɛ woa ze bubui, alesi dze eŋu wòbe, yeawɔ.
5
Tete Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena:
6
Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi, abe alesi zemela sia wona ene oa? Israel ƒe aƒe, kpo ɖa, alesi tsu le zemela si mee la, nenema miele asinye mee!
7
Fifia meƒo nu kple dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe, be mahoe ɖa, magbãe, eye matsrɔ̃e;
8
ke ne dukɔ ma trɔ tso eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ, si ŋu meƒo nu le me la, ekema vɔ̃, si meɖo be, mawɔe la, avem.
9
Ɣebubuɣi la meƒo nu le dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe ŋu be, matsoe, eye made eƒe agunu to;
10
ke ne ewo nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye meɖo to nye gbe o la, ekema nyuie, si megblɔ be, mawo nɛ la, avem.
11
Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.
12
Ke wogblɔ bena: Dzodzroe! Elabena míazɔ ɖe míaƒe susuwo nu, eye mía dome amesiame awu nu ɖe eƒe dzimesesẽ vɔ̃ɖi nu.
13
Mibia se le dukɔwo dome be, ameka se esia tɔgbe kpo hã? Nu gbegblẽ ŋutɔŋutɔ Israel-ɖetugbi wɔ.
14
De Libanon ƒe sno dzona ɖa le towo ƒe agakpewo dzia, eye ɖe to gã fafɛ, siwo le sisim la miena?
15
Elabena nye dukɔ la ŋlɔm be, eye wódoa dzudzɔ na nu dzodzroawo, siwo kplɔa wo ɖa tsoa woƒe mo, si nye toƒe mava la dzi, ne woazɔ mɔ kple toƒe xexewo;
16
ne woana woƒe anyigba nazu gbegbe kple alɔmeɖenu tegbee, ne amea ɖe to eŋu yina la, eƒe nu aku, eye woaʋuʋu ta.
17
Makaka wo ahlẽ le woƒe futɔwo nu abe ɣedzeƒeya ene, matrɔ ʋume ade wo le woƒe tsɔtsrɔ̃gbe, eye menye ŋku me o.
18
Tete wogblɔ bena: Mina míaɖo nugbe ɖe Yeremya ŋu; elabena nufiame mabu ɖe nunɔlawo o, adaŋudede mabu ɖe nunyalawo loo, alo nya nabu ɖe nyagblɔɖilawo o. Eyata mina míatsɔ aɖe aƒo Yeremya, eye míagalé to ɖe eƒe nyawo katã ŋu o.
19
Yehowa, lé to ɖe ŋunye, eye nase nye ketɔwo ƒe gbe.
20
Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.
21
Eyata tso woƒe ŋutsuviwo de asi na dɔwuame, eye naxlã wo ɖe yi nu, na woaɖe vi le wo srɔ̃wo ŋu, eye woazu ahosi, ku natsrɔ̃ woƒe ŋutsuwo ɖa, eye yi ne wu woƒe ɖekakpuiwo le aʋa me.
22
Wòase ɣlikpɛ le woƒe aƒewo me, ne èkplɔ adzohawo va ƒo ɖe wo dzi kpoyi; elabena woɖe ʋe, be yewoatsɔ aɖem, eye woɖo mɔ̃ na nye afɔwo.
23
Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52