bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Jeremiah 41
Jeremiah 41
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 42 →
1
Eye wòva me le dzinu adrelia me be, Ismael, Elisama vi Netanya ƒe vi, amesi nye fia ƒe amegãwo dometɔ ɖeka tso fia ƒome la me la, va Gedalya, Axikam vi la gbɔ le Mizpa, eye ŋutsu ewo kpe ɖe eŋu, eye woɖu nu kple wo nɔewo le Mizpa.
2
Tete Ismael, Netanya vi, kple ŋutsu ewo, siwo kpe ɖe eŋu la, wotso, heda yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi la, eye wowu eya, amesi Babel-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.
3
Eye Ismael wu Yudatɔ, siwo katã le Gedalya gbɔ le Mizpa la, hekpe ɖe Kaldeatɔ, siwo le afima, amesiwo nye aʋawɔlawo la ŋu.
4
Ke le ŋkeke eve megbe, esi amea ɖeke mekpɔ see be, wowu; Gedalya o la,
5
ŋutsu blanyi tso. Sixem, Silo kple Samaria, wolũ ge, wole awu vuvuwo me, eye wosi blini helé nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu ɖe asi, be woatsɔ asa vɔe le Yehowa ƒe me.
6
Tete Ismael, Netanya vi la, do tso Mizpa le avi dzi yi ɖakpe wo, eye esi wòdo go wo la, egblɔ na wo bena: Miva miyi Gedalya, Axikam vi la gbɔ.
7
Ke esi woɖo dua titina la, Ismael, Netanya vi la, kple ŋutsu, siwo kpe ɖe eŋu la, wu wo ɖe vudo la me.
8
Ke wo dome ŋutsu ewo gblɔ na Ismael bena: Megawu mí o, elabena míeɖi nuwo ɖe gbe me: lu, ƒo, ami kple anyitsi. Tete wòdzudzɔ, eye mewu wo kpe ɖe wo nɔviwo ŋu o.
9
Vudo, si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo la, fia Asa ye ɖee le Israel-fia Baesa ta; vudo sia mee Ismael, Netanya vi la, tsɔ ame kukuawo ɖee fũ.
10
Emegbe Ismael kplɔ dukɔ la ƒe ame susɔea, siwo katã le Mizpa, fia vinyɔnuwo kple dukɔ blibo, si kpɔtɔ ɖe Mizpa, amesiwo nu fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan tso Gedalya, Axikam vi la ɖo; woawo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyoe, eye wòdzo, be yeayi Amon-viwo gbɔ.
11
Ke esi Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, se vɔ̃, siwo katã Ismael, Netanya vi, wɔ la,
12
woɖe woƒe aʋawɔlawo katã, eye woho, be yewoaɖawɔ aʋa kple Ismael, Netanya vi la, eye woɖatui le tɔ gã, si le Gibeon la to.
13
Esi dukɔ blibo, si le Ismael ŋu la, kpɔ Yoxanan, Kareax vi kpakple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, dzi dzɔ wo.
14
Tete dukɔ blibo, si Ismael ɖe aboyo tso Mizpa la, trɔ le eyome heyi ɖe Yoxanan, Kareax vi dzi.
15
Ke Ismael, Netanya vi la, kple ŋutsu enyi wosi le Yoxanan nu yi Amon-viwo gbɔ.
16
Tete Yoxanan, Kareax vi la, kple aʋafia, siwo katã kpe ɖe eŋu la, kplɔ dukɔa ƒe ame susɔeawo katã, ŋutsu, siwo nye aʋamewo, nyɔnuwo kple ɖeviwo kpakple aƒedzikpɔlawo, amesiwo Ismael, Netanya vi la, ɖe aboyo tso Mizpa, esime wòwu Gedalya, Axikam vi la megbe; woawo wòkplɔ tso Gibeon,
17
eye wova no Gerut-Kimham, si le Betlexem gbɔ, ne woayi Egipte
18
le Kaldeatɔwo ta; elabena wole wo vɔ̃m, le esi Ismael, Netanya vi la, wu Gedalya, Axikam vi, amesi Babel-fia tso ɖo anyigba la nu la ŋuti.
← Chapter 40
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 42 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52