bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Jeremiah 43
Jeremiah 43
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 44 →
1
Esi Yeremya wu Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nya, siwo katã Yehowa, woƒe Mawu, de asi nɛ ɖo ɖe wo la gbɔgblɔ na dukɔ blibo la nu vo la,
2
Azarya, Hosaya vi, kple Yoxanan, Kareax vi kpakple ŋutsu vlowo katã gblɔ na Yeremya bena: Alakpa dam nèle; menye Yehowa, mía Mawu, ye ɖo wò ɖa gblɔ bena: Migayi Egipte ɖanye amedzro le afima o;
3
ke boŋ Barux, Neriya vi la le ʋu yɔm ɖe tewò ɖe mía ŋu, ne woatso mí ade asi na Kaldeatɔwo, ne woawu mí, eye woaɖe aboyo mí ayi Babel.
4
Eye Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafiawo katã kpakple dukɔ blibo la meɖo to Yehowa ƒe gbe, be woatsi Yuda-nyigba dzi o.
5
Tete Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafiawo katã kplɔ Yuda ƒe ame susɔea, siwo katã trɔ gbã tso dukɔwo katã dome, afisi wokaka hlẽ ɖo, be yewoava ana Yuda-nyigba dzi,
6
ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, fia vinyɔnuwo kple amesiwo katã fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi si me la, hekpe ɖe nyagblɔɖila Yeremya kple Barux, Neriya vi la ŋu,
7
eye wodzo yi Egipte-nyigba dzi, elabena wogbe toɖoɖo Yehowa ƒe gbe, eye wova Taxpanxes.
8
Eye Yehowa ƒe gbe va na Yeremya le Taxpanxes bena:
9
Tso kpe gãwo naɖi ɖe Farao ƒe aƒe, si le Taxpanxes la ƒe mo nu le anyikpe, siwo woɖo anyigba la te le Yuda-ŋutsuwo ŋku me,
10
eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mado woaɖakplɔ nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar vɛ, ali eƒe fiazikpui ɖe kpe, siwo meɖi la dzi, eye wòakeke eƒe fiakuntruwo ɖe wo dzi.
11
Ava si Egipte-nyigba, eye wòatsɔ nusi nye ku tɔ la, ade asi na ku, nusi nye aboyo tɔ la, ade asi na aboyo, eye nusi nye yi tɔ la, ade asi na yi.
12
Mado dzo ɖe Egipte-mawuwo ƒe me, eye wòatɔ dzo wo ahaɖe aboyo wo, ado Egipte-nyigba, abe alesi lãkplɔvi ɖoa awu ʋlayae ene, eye wòadzo le ŋutifafa me.
13
Agbã sɔti, siwo le Bet-Semes le Egipte-nyigba dzi, eye wòala dzo Egipte-mawuwo ƒe xɔwo.
← Chapter 42
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 44 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52