bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
/
Jeremiah 27
Jeremiah 27
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
1
Le Yuda-fia Zedekiya, Yosiya vi ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, Yehowa ƒe gbe sia va na Yeremya bena:
2
Ale Yehowa gblɔ nam enye si: Gbe ka, eye nawɔ kɔkuti atsa ku wò kɔ.
3
Eye natsɔe de dɔla, siwo va Yuda-fia Zedekiya gbɔ le Yerusalem la si aɖo ɖe Edom-fia, Moab-fia, Amon-viwo ƒe fia, Tiro-fia kple Sidon-fia.
4
Eye nade gbe wo si aɖo ɖe woƒe aƒetɔwo bena: Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la be: Ale miagblɔ na miaƒe aƒetɔwo enye si:
5
Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.
6
Azɔ metsɔ anyigba siawo katã de asi na nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar, eye gbemelãwo hãe metsɔ de asi nɛ, ne woasubɔe.
7
Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.
8
Eye ne dukɔ kple fiaɖuƒea ɖe be, yemasubɔ Babel-fia Nebukadnezar o, eye yemade kɔ Babel-fia ƒe kɔkuti me o la, matsɔ yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ahe to na dukɔ ma, vaseɖe esime mato eƒe asi dzi atsrɔ̃e keŋkeŋ, Yehowa ye gblɔe.
9
Ke miawo la migaɖo to miaƒe nyagblɔɖilawo, bokɔnɔwo, drɔ̃ekulawo, gbesalawo kple dzotɔwo, amesiwo le gbɔgblɔm na mi be, miasubɔ Babel-fia o la o.
10
Elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi, be woaɖe mi ɖa le miaƒe anyigba dzi, ne manyã mi, eye miatsrɔ̃.
11
Yehowa be: Ke dukɔ, si tsɔ eƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkutĩ me, eye wòsubɔe la, mana wòano anyigba dzi aɖe dzi ɖi, ade agble ɖe edzi, eye wòana edzi.
12
Meƒo nu kple Yuda-fia Zedekiya ɖe nya siawo nu pɛpɛpɛ gblɔ bena: Mitsɔ miaƒe kɔ de Babel-fia ƒe kɔkuti me, eye misubɔ eya kple eƒe dukɔ, ekema mianɔ agbe.
13
Nukaŋuti mia kple wò dukɔ miebe, yewoaku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me, abe alesi Yehowa gblɔ ɖe dukɔ, si gbe be, yemasubɔ Babel-fia o la ŋu ene?
14
Eye migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le gbɔgblɔm na mi be, migasubɔ Babel-fia o la ƒe nyawo o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.
15
Yehowa be: Menye nyee do wo o, alakpanya gblɔm wole ɖi le nye ŋkɔ me, ne manyã mi ɖa, eye mia kple nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la, miatsrɔ̃.
16
Eye ale megblɔ na nunɔlawo kple dukɔ blibo sia enye si: Yehowa be: Migaɖo to miaƒe nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi be: Kpɔ ɖa, woahe Yehowa ƒe aƒe me nuwo agbɔe tso Babel kaba la ƒe nya o; elabena alakpanya gblɔm wole ɖi na mi.
17
Migaɖo to wo o, ke boŋ misubɔ Babel-fia, ekema mianɔ agbe. Nukaŋuti du sia nazu aƒedo ɖo?
18
Eye nenye nyagblɔɖilawo wonye, eye Yehowa ƒe gbe le wo si la, ekema woaƒo koko na Yehowa Zebaot, ne womagatsɔ nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la, ayi Babel o.
19
Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ ɖe sɔtiawo, gazɔ la, anyinɔawo kple nu bubuawo, siwo susɔ ɖe du sia me la ŋu;
20
nusiwo Babel-fia Nebukadnezar metsɔ dzoe, esime wòɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, tso Yerusalem yi Babel hekpe ɖe Yuda kple Yerusalem ƒe bubumewo katã ŋu la o.
21
Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe nusiwo susɔ ɖe Yehowa ƒe me, ɖe Yuda-fia ƒe me kple ɖe Yerusalem la ŋu enye si:
22
Yehowa be: Woatsɔ wo ayi Babel, eye woatsi afima, vaseɖe gbesigbe mava kpɔ wo ɖa, eye makplɔ wo agbɔe va teƒe sia.
← Chapter 26
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 51
Chapter 52
Chapter 28 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50
51
52