bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 1
1 Timothy 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 2 →
1
Agbalẽ sia tso nye Paulo, si nye amedɔdɔ gbɔ. Mawu mía Xɔla kple Kristo Yesu, ame si míele mɔ kpɔm na lae tiam meva zu amedɔdɔ.
2
Mele eŋlɔm na wò, Timoteo, vinye vavãtɔ le xɔse la me. Mawu Tɔ́ la kple Kristo Yesu mía Aƒetɔ nave nuwò, akpɔ nublanui na wò, eye woana ŋutifafa wò.
3
Esi medze mɔ yina ɖe Makedonia la, medi tso asiwò vevie be nàtsi Efeso, abe ale si meɖoe na wò la ene. Azɔ la, ame aɖewo le aʋatsonu fiam le afi ma, eya ta medi be nàgbe na wo be womagafia naneke si to vovo tso míaƒe nufiafia la gbɔ o.
4
Hekpe ɖe esia ŋu la, gblɔe na wo be wonedzudzɔ ɣeyiɣi gbegblẽ ɖe ŋutinya kpakpɛwo kple tɔgbuitɔgbuiwo ƒe dzidzimewo xexlẽfia ŋu. Nyaʋiʋli ko wohena vanɛ, eye womedoa ɖoɖo si Mawu wɔ la ɖe ŋgɔ o. Xɔse dzaa koe te ŋu wɔa esia.
5
Susu si ta míele se sia dem ɖoe nye be míanyɔ lɔlɔ̃ si tso dzi dzadzɛ, dzitsinya nyui kple xɔse vavã me la le wo me.
6
Ame aɖewo tra mɔ tso nu siawo gbɔ, eye wotrɔ ɖe nyamedzodzro siwo me viɖe aɖeke mele o la ŋu.
7
Togbɔ be womese nu si woawo ŋutɔ gblɔna kple nya siwo dzi wokana ɖo la gɔme o hã la, wodi be yewoanye Mawu ƒe se la fialawo.
8
Azɔ la, míenya be se la nyo, nenye be ame wɔ eŋudɔ, abe ale si dze ene.
9
Esi míese nu sia gɔme alea ta la, míenya hã be womedea se na nu dzɔdzɔe wɔla o, ke boŋ na aglãdzela kple tosẽla, ame mavɔ̃mawu kple nuvɔ̃wɔla, ame makɔmakɔ kple ŋukpenanuwɔla, ame siwo wua wo tɔ́ kple wo nɔ kpakple na amewulawo.
10
Ame bubu siwo wogadea se na la hã woe nye ahasiwɔlawo, ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsu, amefilawo, aʋatsokalawo, atam dzodzro kalawo kple nuwɔna bubu siwo katã menyasɔ ɖe nufiafia nyui sia nu o la ko.
11
Nufiafia sia le Nyanyui vavã si wode asi nam be magblɔ la me. Enye Mawu si míekafuna la ƒe Nyanyui la.
12
Mele akpe dam na Kristo Yesu mía Aƒetɔ, ame si na ŋusẽm be mawɔ dɔ sia, elabe eyae dom kpɔ hekpɔ be menye nuteƒewɔla, eye wòtɔ asi dzinye be mawɔ yeƒe subɔsubɔdɔ sia;
13
evɔ wònye nyee gblɔ busunyawo ɖe eŋu, ti eyome, hedo vloe kpɔ hafi. Ke ekpɔ nublanui nam, elabe mewɔ nu siawo katã le manyamanya me, esime nyemexɔ se o.
14
Aƒetɔ la ve nunye ale gbegbe be wòna nye asi su xɔse kple lɔlɔ̃ si le ɖekawɔwɔ kple Kristo Yesu me la dzi.
15
Nya si wogblɔna be Kristo Yesu va xexe sia me be yeaxɔ nuvɔ̃wɔlawo ɖe agbe la, nyateƒenya wònye, eye wòle be woaxɔe blibo. Nyee nye nuvɔ̃wɔla vɔ̃ɖitɔ wu ame sia ame.
16
Ke Mawu kpɔ nublanui nam, ale be Kristo Yesu nate ŋu atsɔ nye, ame si nye nuvɔ̃wɔla gãtɔ, awɔ kpɔɖeŋu na ame siwo ava xɔ edzi ase hena agbe mavɔ la, be ɖe yegbɔa dzi blewuu ŋutɔ.
17
Mina míatsɔ kafukafu kple bubu na Fia si le dzi ɖum tso keke gbe aɖe gbe ke la, Mawu ɖeka hɔ̃ makumaku la, Mawu si womekpɔna o, tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
18
Vinye Timoteo, gbeƒãɖelawo ƒe nya, siwo wogblɔ na wò va yi la tae mele dɔ vevi sia dem asi na wò be nàwɔ ɖo. Wɔ nya si wogblɔ la ŋudɔ nàtsɔ awɔ aʋa vavã lae
19
kple xɔse kpakple dzitsinya nyui. Ame aɖewo meɖo to woƒe dzitsinya o, ale woƒe xɔse gblẽ.
20
Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Himenaio kple Aleksandro. Metsɔ wo de asi na Abosam, bene woanya be menyo be yewoagblɔ busunya o.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6