bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 5
1 Timothy 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
1
Mèganyra ɖe ame tsitsi o, ke boŋ xlɔ̃ nui, abe ale si nàxlɔ̃ nu tɔ́wò ene. Xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo abe nɔviwò ŋutsuwo ene,
2
nyɔnu tsitsiwo abe nɔwò ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene, le dzadzɛnyenye blibo me.
3
Tsɔ bubu na ahosi siwo si ame mele o la.
4
Ne viwo alo mamayɔviwo le ahosi aɖe si la, nà viawo nanya nu gbãtɔ si dze be woawɔ na woƒe ƒometɔwo, abe ale si hiã le mawusubɔsubɔ me la ene. Esiae nye be vi siawo nakpɔ wo dzilawo dzi, elabe nuwɔna siae dzea Mawu ŋu.
5
Ke ahosi, si si ame mele wòakpɔ edzi o la, eya ɖeka tsia anyi, eye wòkpɔa mɔ na Mawu ɖeɖe ko. Ewɔa eƒe ɣeyiɣi ŋudɔ doa gbe ɖa na Mawu zã kple keli heɖea kuku nɛ be nekpe ɖe ye ŋu.
6
Ke ahosi si tsɔ agbeɖuɖu ɖo dɔe la, ku gɔ̃ xoxo, togbɔ be eya ŋutɔ abu be yele agbe hã.
7
Gblɔ nya siawo kple kakaɖedzi, ale be ahosiawo nanɔ agbe si ŋu mokaka manɔ o la.
8
Ne ame aɖe gbe eya ŋutɔ ƒe amewo dzi kpɔkpɔ, vevietɔ eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo dzi kpɔkpɔ la, ekema etrɔ megbe de xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu ame si mexɔ se o la.
9
Ne ahosi aɖe xɔ wu ƒe bla ade, eye wònye ame si ɖe srɔ̃ zi ɖeka ko kpɔ la, de eŋkɔ agbalẽ me.
10
Ele be wòanye: ame si xɔ ŋkɔ to dɔ nyui, siwo wòwɔna la me; ame si he viawo nyuie; ame si xɔa amedzro; ame si klɔa nɔvi Kristotɔ bubuwo ƒe afɔ ŋu; ame si kpena ɖe ame ŋu le xaxa me, eye wòanye ame si wɔa nu si nyo le mɔ sia mɔ nu.
11
Ke mègade ahosi siwo metsi o la ŋkɔ agbalẽ me o, elabe ne srɔ̃ɖeɖe le wo dzrom la, woɖea kɔ ɖa le Kristo ŋu.
12
Ale wova zua vodalawo le esi woda woƒe ŋugbedodo gbãtɔ dzi ta.
13
Hekpe ɖe esia ŋu la, wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam tso aƒeme yi aƒeme, eye to ema wɔwɔ me la, wova zua kuviatɔwo. Menye kuviatɔwo ko wozuna o, ke boŋ wozua ameŋunyagblɔlawo kple ame siwo metɔna ɖe afi ɖeka o, kpakple ame siwo nɔa nya si mesɔ be woagblɔ o la hã gblɔm.
14
Ale madi be ahosi siwo metsi o la, naɖe srɔ̃ adzi vi, eye woakpɔ woƒe aƒe dzi, ale be womagana mɔnukpɔkpɔ aɖeke míaƒe futɔwo, be woagblɔ nya ƒoɖi aɖeke tso mía ŋu o.
15
Mele esia gblɔm, elabe ahosi aɖewo tra mɔ dze Abosam yome gɔ̃ hã xoxo.
16
Nenye be ahosiwo le nyɔnu Kristotɔ aɖe si le eƒe ƒome me la, ele nɛ be wòakpɔ wo dzi, eye megatsɔ agba la da ɖe hamea dzi o. Esia awɔe be hame la nate ŋu akpe ɖe ahosi siwo si ame mele o la ŋu.
17
Na woatsɔ bubu na hamemegã siwo le hame la kplɔm nyuie, vevietɔ esiwo doa vevie mawunyagbɔgblɔ kple nufiafia, eye woana bubu si dze na wo la ƒe teƒe eve wo.
18
Elabe mawunya gblɔ be, “Mègabla nu na nyitsu si le mɔli dugum la o.” Egagblɔ hã be, “Ame si wɔ fetudɔ la, edze be woaxe fe nɛ.”
19
Ne ame aɖe tso hamemegã aɖe nu la, mègaxɔ nya la nɛ o, negbe ɖe nèse nutsotso ma ke le ame evelia alo etɔ̃lia nu hafi.
20
Ka mo na ame siwo le nuvɔ̃ wɔm la, le ame sia ame ŋkume, ale be ame mamlɛawo nakpɔe avɔ̃.
21
Mele tsitre ɖe Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume hele biabiam tso asiwò be nàlé se siawo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Ame aɖeke ƒe nu meganyo ŋuwò wu ame bubu tɔ o. Mègakpɔ ame ŋkume le wò nuwɔna aɖeke me o.
22
Mègatsi dzi be yeada asi ɖe ame dzi aɖoe wòanye dɔwɔla na Aƒetɔ la o. Mègade ha kple ame aɖeke hã miawɔ nuvɔ̃ o. Wɔ ɖokuiwò dzadzɛ.
23
Esi wò lã me le gbegblẽm enuenu ta la, mèganɔ tsi ɖeɖe ko nom azɔ o, ke boŋ nɔ wain hã nom vivivi be wòakpe ɖe wò dɔgbo ŋu.
24
Nu vɔ̃ si ame aɖewo wɔna la dzena ƒãa zi ɖeka, eye wòfia be woahe to na wo, ke ame bubu aɖewo tɔ ya dzea go emegbe.
25
Nenema kee dɔ nyui siwo ame wɔna la hã dzena ƒãa wokpɔna. Ke ne womedze ƒãa amewo kpɔ o hã la, woava dze emegbe godoo woakpɔ.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6