bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 2
1 Timothy 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
1
Nu gbãtɔ si madi tso mia si be miawɔ lae nye be miaɖe kuku na Mawu ɖe amewo katã ta, ado gbe ɖa ɖe wo ta, abia nu ɖe wo nu ahada akpe na Mawu ɖe wo katã nu.
2
Miwɔ esia na fiawo kple ame siwo katã le teƒe kɔkɔwo hã, ale be míate ŋu anɔ agbe le tomefafa kple ŋutifafa me kpoo, bene míate ŋu asubɔ Mawu bubutɔe le mɔ sia mɔ nu.
3
Esia nyo, eye wòdze Mawu mía Xɔla ŋu,
4
elabe enye Mawu ƒe didi vevie be woaxɔ amewo katã ɖe agbe be woava dze si nyateƒe la.
5
Mawu ɖeka hɔ̃ koe li, eye avuléla ɖeka ko hãe le Mawu kple amegbetɔwo dome. Eyae nye Kristo Yesu.
6
Kristo siae tsɔ eɖokui na faa ɖe mí amegbetɔwo katã ta. Esia le kpe ɖom edzi be ɣeyiɣi si me Mawu di be yeaxɔ amewo katã ɖe agbe la de tututu.
7
Esia tae wodɔm abe amedɔdɔ kple nufiala ene ɖo ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o la gbɔ, bene maɖe gbeƒã gbedeasi sia tso xɔse kple nyateƒe ŋu. Nyemele aʋatso kam o; nyateƒe tom mele.
8
Le sɔleme ɖe sia ɖe la, madi be ŋutsuwo nado gbe ɖa. Ŋutsuawo nanye ame siwo ŋu wokɔ na Mawu, eye woate ŋu ado asi ɖe dzi ne wole gbe dom ɖa, dziku kple ɖikeke manɔmee.
9
Nenema ke madi be nyɔnuwo hã nado awu ɖe nɔnɔme nyui, si matɔ ŋku o la, me. Ke menye be woaƒo ɖa atsiãtɔe, eye woado sika kple nu xɔasiwo o. Gawu la, womegado awu xɔasiwo o.
10
Ke boŋ woawɔ dɔ nyui si adze wo, abe ale si nyɔnu siwo ɖenɛ fiana be yewovɔ̃a Mawu la wɔnɛ ene.
11
Ele be nyɔnu nabɔbɔ eɖokui asrɔ̃ nu le ɖoɖoezizi kpoo me.
12
Nyemele mɔ ɖem na nyɔnu aɖeke be wòafia nu alo wòaɖu ŋutsu dzi o. Ele be wòazi ɖoɖoe kpoo.
13
Elabe Adam wowɔ gbã hafi wova wɔ Xawa.
14
Azɔ la, menye Adam ye woble o, ke boŋ nyɔnu lae woble, eye wòzu Mawu ƒe sedzidala.
15
Ke woaxɔ nyɔnu ɖe agbe to vi siwo wòdzi la me, nenye be wòdo vevie nu le xɔse kple lɔlɔ̃ me, eye wòwɔ eɖokui kɔkɔe henɔ agbe dzadzɛ.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6