bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 3
1 Timothy 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
1
Nya si wogblɔna be ame si di nunɔladɔ la di dɔ nyui be yeawɔ la, nyateƒenya wònye.
2
Azɔ la, mele be mokaka nanɔ nunɔla ŋu o. Ele be srɔ̃ ɖeka ko nanɔ esi, eye wòanye ame si léa eɖokui nyuie hewɔa susu ŋudɔ ale si dze. Ele be bubu nanɔ eŋu, wòanye ame si xɔa amedzro, eye wòanye nufiala nyui hã.
3
Mele be nunɔla nanye ame si noa aha muna, alo ame si medzea kɔ anyi o; ke boŋ ele be wòanye ame fatu. Gawu la, mele be wòanye ame si lɔ̃a dzrewɔwɔ, eye wòdia ga vevie o.
4
Ele be wòanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie, eye wònaa viawo bɔbɔa wo ɖokui hebua ame le nu sia nu me.
5
Elabe nenye be ame menya ale si wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie o la, ale ke wòate ŋu akpɔ Mawu ƒe hame la dzii?
6
Mele be nunɔla nanye ame si trɔ dzime eteƒe medidi o. Ne menye nenem o la, ado eɖokui ɖe dzi ahadze anyi, abe ale si wònɔ na vɔ̃ɖitɔ la ene.
7
Hekpe ɖe esiawo katã ŋu la, ele be ame siwo mele hamea me o la gɔ̃ hã natsɔ bubu na nunɔla, ale be womagado ŋukpee bene vɔ̃ɖitɔ la ƒe mɔ̀ naɖee o.
8
Nenema ke ele be kpeɖeŋutɔwo hã nanye ame siwo ɖoa mo vevi ɖe dɔ ŋu wɔna. Womaganye aɖeeveetɔwo, ame siwo noa aha fũu loo, alo ame siwo tsia dzi ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o.
9
Ele be woanye ame siwo lé xɔse ƒe nyateƒenya ɣaɣla la me ɖe asi kple dzitsinya nyui.
10
Ke nà woado wo kpɔ gbã, eye ne mokaka mele wo ŋu o la, nà woawɔ subɔsubɔdɔ abe kpeɖeŋutɔwo ene.
11
Nenema ke ele be nyɔnu kpeɖeŋutɔwo hã nanye ame siwo ɖoa mo vevi ɖe dɔ ŋu wɔna. Womaganye ame siwo zɔa ame ŋu o, ke boŋ woanye ame siwo léa wo ɖokui nyuie, eye wowɔa nuteƒe le nuwo katã me.
12
Kpeɖeŋutɔwo naɖe srɔ̃ ɖeka ko, eye nà woawo ŋutɔ nakpɔ wo viwo kple woƒe aƒe dzi nyuie.
13
Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ woƒe dɔwo nyuie la, da wo ɖokui ɖe bubuteƒe, eye dzi anɔ wo ƒo woate ŋu aƒo nu tso ale si woxɔ Kristo Yesu dzi se la ŋu na amewo.
14
Togbɔ be mele agbalẽ sia ŋlɔm na wò hã la, mele mɔkpɔkpɔ me be mava kpɔ wò ɖa kpuie.
15
Ke mele eŋlɔm, ale be ne metsi megbe la, ekema nànya ale si ame nanɔ agbee le Mawu ƒe aƒe si nye Mawu gbagbe la ƒe hame la me. Eyae nye sɔti kple kpó le megbe na nyateƒe la.
16
Nyateƒee, míele eme ʋum ƒãa be nya si ɣla ɖe míaƒe mawusubɔsubɔ me la lolo ŋutɔ. Eyae nye: Eɖe eɖokui fia le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me. Gbɔgbɔ la ɖee fia be ele dzɔdzɔe, eye mawudɔlawo kpɔe. Woɖe gbeƒãe na dukɔwo, eye woxɔ edzi se le xexea me godoo, eye wokɔe yi dzi le ŋutikɔkɔe me.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6