bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 4
1 Timothy 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 5 →
1
Gbɔgbɔ la gblɔe kɔtɛe be le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame aɖewo aɖe asi le xɔse la ŋu. Ame siawo aɖo to gbɔgbɔ siwo blea ame kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia.
2
Ameblela siawo ƒe dzitsinya ku abe ga xɔdzoe wotsɔ mee ene, eye woawoe akaka nufiafia sia.
3
Woawoe blea amewo be womegaɖe srɔ̃ o. Gawu la, wodea se na amewo hã be womegaɖu nuɖuɖu, siwo Mawu wɔ la dometɔ aɖewo o. Evɔ la, Mawu ŋutɔe wɔ nuɖuɖu siawo be ame siwo xɔ se, eye wodze si nyateƒea la, naɖu ahada akpe ɖe wo ta hafi.
4
Elabe nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye mele be woatsri ɖeke o, ke boŋ ele be woaxɔ ɖe sia ɖe ahada akpe ɖe eta.
5
Mawu ƒe nya la kple gbe si míedona ɖa ɖe eta la, nana be nuɖuɖua ŋuti kɔna xoxo.
6
Esi nètsɔ mawunya la nyi ɖokuiwòe, eye nèlé nufiafia nyuitɔ sia me ɖe asi ta la, fia nu siawo nɔviawo, ekema ànye subɔla vavãtɔ na Kristo Yesu.
7
Ke mègaɖo to gli makɔmakɔ si nyagãwo tona la o. Tsɔ mawuvɔvɔ̃ he ɖokuiwòe.
8
Hehe si míenaa míaƒe ŋutilã la ɖea vi ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko, ke mawuvɔvɔ̃ ya ɖea vi le mɔ sia mɔ nu, elabe ŋugbedodo le eme na agbe si míele fifia kple esi míagava nɔ la hã siaa.
9
Nya sia nye nyateƒe wogblɔna, eye wòdze be woaxɔe bliboe.
10
Esia tae míele ʋiʋlim hele dɔ wɔm sesĩe, eye míele ŋu ɖom ɖe Mawu gbagbe si nye Ɖela na amewo katã, vevietɔ xɔsetɔwo la ko ŋu.
11
Ka ɖe nya siawo dzi, eye nàfia wo.
12
Mègana ame aɖeke nado vlo wò, esi nènye ɖekakpui ko ta o. Ke dze agbagba be wò nuƒo, wò nɔnɔme, ale si nèlɔ̃ amee, xɔse si le asiwò kple ale si nèle dzadzɛ la, nanye kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo.
13
Dze agbagba nànɔ mawunya xlẽm na hametɔwo ne wokpe ta. Nɔ nu xlɔ̃m amewo eye nànɔ nu fiam wo, va se ɖe esime mava.
14
Mègagbe nunana si wove nuwò na wò la ŋudɔwɔwɔ o. Wona nunana sia wò, to gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nya me esime hamemegãwo da woƒe asi ɖe dziwò.
15
Kpɔ egbɔ nàwɔ dɔdeasi siawo. Lé fɔ ɖe wɔna siawo ŋuti, ale be wò ŋgɔyiyi nadze ƒãa amewo nakpɔ.
16
Lé be na ɖokuiwò kple nu si fiam nèle la siaa. Lé nufiafia la me ɖe asi sesĩe elabe ne èwɔ esia la, àxɔ wò ŋutɔ ɖokuiwò kple ame siwo sea wò nyawo la hã, ɖe agbe.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6