bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
1 Timothy 6
1 Timothy 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
1
Na kluviwo katã natsɔ bubu blibo na woƒe aƒetɔwo, ale be ame aɖeke nagagblɔ nya ƒoɖi ɖe Mawu ŋkɔ kple míaƒe nufiafia la ŋu o.
2
Mele be kluvi siwo ƒe aƒetɔwo nye Kristotɔwo la, natsɔ wo awɔ wo hatii kple susu be nɔviwo ko yewo katã yewonye o. Le esia teƒe la, ele na wo be woabu woƒe aƒetɔwo vevie wu boŋ, elabe aƒetɔ mawo, siwo kpɔa viɖe tsoa woƒe subɔsubɔ me la hã nye xɔsetɔwo kple lɔlɔ̃tɔwo, abe woawo ke ene. Fia nu siawo eye nàtsɔ wo axlɔ̃ nu amewoe.
3
Ame sia ame si fia nu bubu si mesɔ kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyawo alo nu si le mawusubɔsubɔ nyateƒetɔ me o la,
4
le eɖokui dom ɖe dzi glodzoo, eye mele naneke nyam o, ke boŋ nyahehe vivivo koe zu dɔléle nɛ. Ŋuʋaʋã, dzre, amedzudzu, vɔ̃susu ɖe ame ŋu,
5
kple nyaʋiʋli si mehiã o la, koe kplɔa esiawo ɖo le ame siwo ƒe susu megale dɔ wɔm nyuie o, eye womegale nyateƒe la me o la dome. Ame siawo buna be mawusubɔsubɔ nye viɖedidi ƒe mɔnu aɖe.
6
Ele eme baa be viɖe geɖe ŋutɔ le mawusubɔsubɔ me, nenye be nu si le mía si xoxo la dze mía ŋu.
7
Elabe míetsɔ naneke va xexea mee o, eye eme kɔ be míete ŋu le naneke tsɔ ge adzoe hã o.
8
Eya ta ne nuɖuɖu, nudodo kple nutata le mía si la, mina esiawo nadze mía ŋu.
9
Ke ame siwo dina be yewoazu kesinɔtɔwo la gena dzea tetekpɔ me godoo, eye movinu siwo yome tim wole la kplɔa wo dea mɔ̀ si le tetre ɖi la me, ale nu vevi wɔa wo. Nu gblẽna le wo ŋu, eye wotsrɔ̃na gbidii.
10
Elabe galɔlɔ̃ mee nuvɔ̃ɖi siwo katã ame wɔna la dzɔna tso. Ga ŋue ame aɖewo tsi dzi ɖo hedii kple ŋkubiã, eye wotra mɔ dzo le nu si dzi woxɔ se la gbɔ ʋĩi. Ale wova xa nu, se veve ʋuu, woƒe dzi gbã.
11
Ke wò la, Mawu ƒe amee nènye, eya ta to adzɔge na nu siawo katã. Ɖoe kplikpaa boŋ be yeawɔ nu dzɔdzɔe, asubɔ Mawu, axɔ ase, alɔ̃ ame, anɔ te sesĩe eye be yeafa tu.
12
Kè xɔse ƒe duɖime la sesĩe, ale be wò asi nasu agbe mavɔ si nye nunana le eyome la dzi. Agbe sia ŋutie Mawu yɔ wò ɖo, eye nèke nu ʋu eme nyuie le ame geɖe, siwo nye ɖasefowo na wò la, ŋkume.
13
Le Mawu si naa agbe nuwo katã kple Kristo Yesu, ame si ʋu eƒe xɔse me nyuie le Pontio Pilato gbɔ la ŋkume,
14
mele eɖom dziwò koŋ be nàlé ɖoɖo siawo me ɖe asi, woanɔ anyi pɛpɛpɛ, mokaka aɖeke naganɔ wo ŋu o, va se ɖe gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu Kristo nava la.
15
Mawu, ame si dze kafukafu, Dziɖula ɖeka hɔ̃ la, fiawo katã ƒe Fia, aƒetɔwo katã ƒe Aƒetɔ la, aɖe Kristo afia le ɣeyiɣi nyuitɔ, si eya ŋutɔ ɖo ɖi la dzi.
16
Eya ɖeka koe mekuna o eye kekeli si ŋu ame mate ŋu ate ɖo o lae ƒo xlãe. Ame aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye ame aɖeke hã mate ŋu akpɔe o. Woatsɔ bubu nɛ, eye eya aɖu dzi ɖaa. Amen.
17
Xlɔ̃ nu kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la be womegado wo ɖokui ɖe dzi, alo anɔ ŋu ɖom ɖe woƒe nunɔamesi siwo manɔ anyi ɖaa o la, ŋu o. Ke boŋ nà woaɖo ŋu ɖe Mawu, ame si naa nu nyui ɖe sia ɖe mí fũu be míawɔ eŋudɔ la ŋu.
18
Gblɔ na wo be ele be woawɔ nu si nyo, woanye kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me, eye woaʋu asi me anyo dɔme na hiãtɔwo faa.
19
Ne wowɔ esia la, ekema wole nu geɖe ƒom ƒu ɖi na wo ɖokui hena ɣeyiɣi si gbɔna la, ale be woƒe asi nava su agbe vavãtɔ la dzi.
20
Timoteo, dzra nu si wotsɔ de asi na wò la ɖo nyuie. Te ɖe megbe tso yakadzeɖoɖo si mefia mawuvɔvɔ̃ o la gbɔ. To adzɔge na movinyaʋiʋli si amewo kaa aʋatso gblɔna be nunya wònye la.
21
Elabe to gbeƒãɖeɖe esiawo me ame aɖewo tra mɔ dzo le xɔse la gbɔ. Mawu neve mi katã mia nu.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
All chapters:
1
2
3
4
5
6