bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 1
Ephesians 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 2 →
1
Nye Paulo, ame si va zu Kristo Yesu ƒe amedɔdɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me lae le agbalẽ sia ŋlɔm ɖo ɖe mi, ame siwo ŋu wokɔ le Efeso, eye mienye nuteƒewɔla siwo wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la.
2
Mawu neve mia nu, eye ŋutifafa si tso Mawu mía Tɔ́ kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, nenɔ kpli mi.
3
Míekafu Mawu, si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Tɔ́, elabe esi míewɔ ɖeka kple Kristo ta la, eto Gbɔgbɔ la dzi tsɔ nu nyui ɖe sia ɖe si le keke dziƒonutowo me ke la yra míi.
4
Hafi Mawu nawɔ xexea me la, etia mí da ɖi xoxo, be míava wɔ ɖeka kple Kristo, ale be míanye ame kɔkɔewo kple ame siwo ŋu mokaka manɔ o la le eŋkume.
5
Esi Mawu lɔ̃ mí ta la, eɖoe da ɖi xoxo be to míaƒe ɖekawɔwɔ kple Yesu Kristo me la, míazu ye viwo. Esia koŋ ye nye eƒe didi.
6
Esia ta ele be míakafu Mawu, elabe nukutɔe la, eve mía nu faa to Via lɔlɔ̃ la dzi.
7
Wotsɔ Via ƒe ʋu xe fee ɖe mía ta, gbugbɔ mí xɔ, hetsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí. Ale si Mawu nyo dɔme heve mía nu
8
alea gbegbe la, wɔ nuku loo!
9
Ena míenya ɖoɖo si wòwɔ le Kristo ŋu heɣla da ɖi la, eye míese egɔme bliboe.
10
Esiae nye be ne ɣeyiɣia de la, woaƒo nu siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nu ƒu ɖekae ade Kristo te.
11
Mawu na nu sia nu si wòdi la va eme pɛpɛpɛ le eya ŋutɔ ƒe didi nu. Eya ŋutɔe ɖoe ɖi be miawɔ ɖeka kple Kristo.
12
Ale Mawu tia mí, ame siwo le mɔ kpɔm na Kristo xoxoxo la ɖi be míanɔ agbe akafu yeƒe ŋutikɔkɔe la.
13
Esia tae esi miawo hã miese nyateƒenya, si nye Nyanyui si ɖe gbeƒã be Mawu ɖe mi, elabe miexɔ Mawu dzi se ta la, etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe si ŋugbe wòdo la de dzesi mi da ɖi.
14
Gbɔgbɔ siae nye kpeɖodzinu na mí be míawo hã míele Mawu ƒe dome nyi ge godoo. Kpeɖodzinu sia anɔ mía si va se ɖe esime domenyinu la nava su mía si bliboe.
15
Le susu sia ta la, esi mese be miexɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye mese ale si mielɔ̃ ame siwo ŋuti wokɔ la,
16
akpedada dzi ko mele na Mawu ɖe mia ta ɖaa. Meɖoa ŋku mia dzi ne mele gbe dom ɖa,
17
eye mebia mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, ame si nye Ŋutikɔkɔekatãtɔ la, be wòana gbɔgbɔ si ana miadze nunya la mi, eye be wòaɖe Mawu afia mi, be mianya ame si wònye la.
18
Mebianɛ be wòaʋu miaƒe ŋkuwo, be miakpɔ nu si wòyɔ mi vɛ, be miava kpɔ mɔ na la; ale si gbegbe domenyinu siwo li na eƒe ame siwo ŋuti wokɔ la xɔ asii,
19
kple ale si eƒe ŋusẽ triakɔ la le dɔ wɔm le mí, ame siwo xɔ edzi se la mee. Ŋusẽ sia, si le dɔ wɔm le mia me la,
20
sɔ kple ŋusẽ si wotsɔ fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòna wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe ɖusime le dziƒowo la.
21
Dziɖuɖuwo, ŋusẽ siwo le amegbetɔwo si ɖe nuwo dzi kple ŋusẽ tɔxɛ bubuwo katã kpakple fiaɖuƒewo le ete. Eŋkɔ ƒo ŋkɔ siwo katã le fifi xexe kple xexe si le vava ge la me la ta.
22
Mawu tsɔ nu sia nu de Kristo ƒe afɔ te, eye wòtsɔe na hamea abe nuwo katã ƒe ta ene.
23
Hame siae nye Kristo ƒe ŋutilã si na wòde blibo, eye Kristo hãe nye ame si naa nuwo katã tim dea blibo.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6