bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 6
Ephesians 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
1
Ɖeviwo, miɖo to mia dzilawo, elabe Aƒetɔ la tɔwoe mienye. Edze be miawɔ esia.
2
Sedede gbãtɔ, si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo lae nye: “Bu tɔ́wò kple nɔwò,
3
be nu nadze edzi na wò, eye nànɔ agbe didi le anyigba la dzi.”
4
Tɔ́wo, migado dziku na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, be woate ŋu alé wo ɖokui, eye woawɔ ɖoɖo dzi, abe ale si Aƒetɔ la fia la ene.
5
Dɔlawo, miɖo to aƒetɔ siwo le mia si le agbe sia me la kple vɔvɔ̃ kpakple dzodzo nyanyanya, eye mikɔ dzime subɔ wo, abe Kristo subɔm miele ene.
6
Migawɔ ameŋkume nu ko be yewoadze wo ŋu o, ke boŋ abe Kristo ƒe dɔlawo ene la, miwɔ nu si Mawu di la tso miaƒe dzime ke.
7
Mikɔ dzime ɖe dɔ ŋu wɔ, abe Aƒetɔ lae miele ewɔm na ene, menye abe na amegbetɔwo ene o.
8
Minyae be Aƒetɔ la axe fe na ame sia ame, le nu nyui ɖe sia ɖe si wòwɔ la ta, ne enye kluvi alo ablɔɖevi.
9
Aƒetɔwo, miawo hã miwɔ nenema ke na miaƒe dɔlawo, eye midzudzɔ vɔvɔ̃dodo na wo. Miɖo ŋku edzi, be ame si nye miawo kple woawo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo. Eya la, mekpɔa ame aɖeke ŋkume o.
10
Mlɔeake la, ale si miele ha dem kple Aƒetɔ la la, nagasẽ ŋu ɖe edzi wu to eƒe ŋusẽ triakɔ la me.
11
Mikpla aʋawɔnu siwo katã Mawu tsɔ na mi la, ale be miate ŋu atsi tre ɖe vɔ̃ɖitɔ la ƒe ayemɔwo katã ŋu.
12
Elabe menye mí kple amegbetɔwoe le aʋa wɔm o, ke boŋ mí kpakple gbɔgbɔmeŋusẽwo, gbɔgbɔmedziɖulawo, dziɖula siwo le xexe doviviti sia me kple nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me ke lae le aʋa wɔm.
13
Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la, ale be ne ŋkeke vɔ̃ ma va tu mi la, miate ŋu anɔ te awɔ aʋa va se ɖe nuwuwu, eye ŋusẽ naganɔ mia ŋu.
14
Eya ta mitso kpla! Mitsɔ nyateƒe la bla ali dzii, eye mitsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖo akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene.
15
Nyanyui, si hea ŋutifafa vanɛ la, nanye aʋayifɔkpa si miado.
16
Hekpe ɖe esiawo katã ŋuti la, milé xɔse, si nye akpoxɔnu la ɖe asi. Eyae miate ŋu atsɔ atsi futɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le bibim flaflafla la nui.
17
Mitsɔ gakuku, si nye Mawu ƒe agbexɔxɔ la ɖɔ, eye milé Mawu ƒe nya, si nye Gbɔgbɔ la ƒe aʋawɔyi la ɖe asi goŋgoŋ.
18
Mina Gbɔgbɔ la nakplɔ mi mianɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. Mibia Mawu vevie be wòakpe ɖe mia ŋu. Le esia ta la, mido vevie mianɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa vevie ɖe ame siwo katã ŋuti wokɔ la ta.
19
Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye, be Mawu natsɔ nya ade nunye magblɔ dzideƒotɔe, eye maɖe gbeƒã nya ɣaɣla, si le Nyanyui la me la.
20
Nyanyui sia tae menye amedɔdɔ si le ga me ɖo. Mido gbe ɖa be mate ŋu agblɔe dzideƒotɔe, abe ale si wòdze be magblɔe la ene.
21
Tixiko, mía nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ, ame si nye subɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la ƒe dɔa me la, agblɔ nu siwo katã le edzi yim le gbɔnye afi sia la na mi.
22
Ɖe mele eɖom ɖa koŋ be wòava gblɔ ale si míele afi siae la na mi, eye wòade dzi ƒo na mi.
23
Mawu Tɔ́ la kple Aƒetɔ Yesu Kristo, nena ŋutifafa kple lɔlɔ̃, si ŋu xɔse kpe ɖo la mi, nɔvinyewo katã.
24
Mawu neve ame siwo katã lɔ̃ mía Aƒetɔ Yesu Kristo la nu kple lɔlɔ̃ sinu metsina gbeɖe o la.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
All chapters:
1
2
3
4
5
6