bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 5
Ephesians 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
1
Ale esi wònye vi lɔlɔ̃wo mienye na Mawu ta la, misrɔ̃ eƒe nɔnɔme.
2
Lɔlɔ̃ nedze le miaƒe agbenɔnɔ me, abe ale si Kristo lɔ̃ mí, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui na ɖe mía ta, hezu nunana si ʋẽ lílilĩ, si wotsɔ sa vɔe na Mawu la ene.
3
Ame siwo ŋuti wokɔ keŋkeŋ lae mienye, eya ta medze kura be woagayɔ ahasiwɔwɔ, nu makɔmakɔ wɔwɔ alo ŋukeklẽ aɖeke ŋkɔ gɔ̃ le mia dome o.
4
Hekpe ɖe esia ŋu la, medze be miagblɔ nya aɖeke, si tɔa to me, si kuna ɖe ame ƒe ŋukpeƒewo ŋu, alo nya si menyasena o, alo fefenya si mesɔa to me o la o. Ɖe esiawo gbɔgblɔ teƒe la, akpedada na Mawu boŋ nanɔ mia nu ɖaa.
5
Eme nekɔ na mi ƒãa be ahasiwɔlawo, nu makɔmakɔ wɔlawo alo ŋuklẽlawo (le nyateƒe me la, ŋuklẽla la trɔ̃subɔla wònye) ame siawo dometɔ aɖeke makpɔ ɖuƒe aɖeke le Kristo kple Mawu ƒe fiaɖuƒe la me akpɔ o.
6
Migana ame aɖeke natsɔ movinya aɖeke able mi o, elabe nu sia tɔgbee na Mawu do dɔmedzoe ɖe ame siwo sẽ to la ŋu.
7
Eya ta migade ha kpli wo o.
8
Elabe tsã la, viviti mee mienɔ, ke fifia la, miele kekeli me, hele ha dem kple Aƒetɔ la. Eya ta minɔ agbe abe ame siwo le kekeli me la ene,
9
elabe nuwɔna siwo agbenɔnɔ le kekeli me hena vanɛ la woe nye: nu nyui wɔwɔ, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nyateƒetoto.
10
Midze agbagba miasrɔ̃ nuwɔna si dzea Aƒetɔ la ŋu la.
11
Migakpɔ gome aɖeke le nu siwo amewo wɔna le viviti me la me o. Viɖe aɖeke mele wo me o; miʋu go wo boŋ.
12
Elabe enye ŋukpe be woaƒo nu le nu si wowɔna le adzame la ŋu gɔ̃.
13
Nu sia nu si wohena ɖe go vaa kekeli nu la, dzena wokpɔna, elabe kekelie nana be nu sia nu dzena ƒãa.
14
Esia ta wogblɔ be: “Nyɔ, wò alɔ̃dɔla, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”
15
Ale milé ŋku ɖe miaƒe agbenɔnɔ ŋu nyuie. Miganɔ agbe abe ame manyanuwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene.
16
Miwɔ mɔnukpɔkpɔ si su mia si fifia la ŋudɔ nyuie, elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ le dzi dem le ŋkeke siawo me.
17
Eya ta migawɔ nu abe movitɔwo ene o, ke boŋ midze agbagba miase nu si dim Aƒetɔ la le la gɔme.
18
Migano aha mu o, elabe ɖe wònana be ame wɔa nu baɖa. Ke boŋ mina Gbɔgbɔ la nayɔ mia me taŋ.
19
Mitsɔ nya siwo le Psalmowo, hadzidziwo kple gbɔgbɔmehawo me ƒo nu na mia nɔewo, eye mitsɔ kafukafuhawo kple hadzidzi viviwo kafu Aƒetɔ la le miaƒe dziwo me.
20
Mida akpe na Mawu Tɔ́ la le nu sia nu me le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋkɔ me.
21
Le bubu si mietsɔna na Kristo ta la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia nɔewo.
22
Srɔ̃nyɔnuwo, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe ale si miawɔ na Aƒetɔ la ene.
23
Elabe srɔ̃nyɔnu ƒe tae nye srɔ̃a, abe ale si hamea hã ƒe ta nye Kristo ene. Hame lae nye Kristo ƒe ŋutilã, eye Kristo ŋutɔe nye eƒe Ɖela.
24
Esia ta abe ale si hamea bɔbɔ eɖokui na Kristo ene la, ele na srɔ̃nyɔnuwo hã be woabɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃wo le nu sia nu me.
25
Srɔ̃ŋutsuwo, milɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si Kristo hã lɔ̃ hamea, hetsɔ eƒe agbe na ɖe eta la ene.
26
Ewɔ esia be yeatsɔ akɔ hame la ŋuti, esime wòklɔ eŋuti kple tsi kpakple eƒe nya la.
27
Medi be ɖikui aɖeke nanɔ eŋu, teƒe aɖeke nalé ayi nɛ, alo ɖinu bubu ƒomevi aɖeke nanɔ eŋu o. Ɖe wòdi be hamea nanɔ kɔkɔe, mokaka naganɔ eŋu o. Ale wòaɖo atsyɔ̃ blibo nɛ nyuie hafi atsɔe aɖo ye ŋutɔ ye ŋkume.
28
Alea pɛ wòle be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo, abe ale si wolɔ̃ woawo ŋutɔ ɖokui ene. Ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a la, eya ŋutɔ ɖokui ye wòlɔ̃.
29
Ame aɖeke meléa fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã o, ke boŋ ɖe wònyinɛ heléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo hã wɔna na hame la ene,
30
elabe ŋutinuwo míenye na Kristo ƒe ŋutilã.
31
Mawunya gblɔ be: “Esia ta ŋutsu aɖe ɖa tso tɔ́a kple nɔa ŋu, ava lé ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo ame evea azu ame ɖeka.”
32
Nya si ɣla ɖe mawunya sia me la goglo. Nye ya metsɔe be Kristo kple hame lae wowɔnɛ.
33
Nu si mewɔnɛ koŋ lae nye be ele na srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe be wòalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene, eye srɔ̃nyɔnu ɖe sia ɖe hã nakpɔ egbɔ be yetsɔ bubu na ye srɔ̃ŋutsu.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6