bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 4
Ephesians 4
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 5 →
1
Eya ta, nye, ame si le gaxɔ me le Aƒetɔ la ta la, mele kuku ɖem na mi, be mianɔ agbe si asɔ ɖe agbe si tɔgbe woyɔ mi be miava nɔ la nu.
2
Mibɔbɔ mia ɖokui, eye minye ame fafawo. Migbɔ dzi blewuu, eye mitsɔ lɔlɔ̃ gbɔ dzi ɖi na mia nɔewo.
3
Esi Gbɔgbɔ la bla mi ɖekae la, mido vevie mianɔ anyi le ŋutifafa me.
4
Ŋutilã ɖeka kple Gbɔgbɔ ɖeka koe li, nenema ke nu ɖeka dzaa koe Mawu yɔ mi be miava kpɔ mɔ na.
5
Aƒetɔ ɖeka kple xɔse ɖeka koe le mía si, eye mawutsi ɖeka ko hãe wole na mí.
6
Gawu la, Mawu kple Tɔ́ ɖeka koe li na amegbetɔƒomea katã. Eyae ɖu nuwo katã dzi, le dɔ wɔm to nuwo katã me, eye wòle nuwo katã me.
7
Ke nu si wove mía nu hena mía dometɔ ɖe sia ɖe la, sɔ ɖe nunana si Kristo na la nu.
8
Eya tae mawunya gblɔ be: “Esi wòlia yi dzi ʋĩi la, aboyome geɖewo nɔ eyome, eye wòma nunanawo na amewo.”
9
Azɔ esi wogblɔ be, “Elia yi dzi” la, edze ƒãa be eɖi va yi keke anyigba tume ke hã.
10
Ame ɖeka ma, si ɖi ɖe anyi la, eya kee galia yi dzi ʋĩi, hegbɔ nu sia nu ŋu be yeaxɔ aƒe ɖe nu sia nu me.
11
Eyae ma eƒe nunanawo na mí. Ena ame aɖewo nye amedɔdɔwo, ɖewo nye Mawu ƒe gbeƒãɖelawo, ɖewo ɖea gbeƒã Nyanyui la, ɖewo nye hame la kplɔlawo, eye bubuwo nye nufialawo.
12
Ema nunana siawo be yeatsɔ adzra ame siwo ŋu wokɔ la ɖo, ne woawɔ yeƒe dɔ, eye hekpe ɖe esia ŋu la, yeatsɔ wo atu Kristo ƒe ŋutilã, si nye hame lae.
13
Mawu wɔ esia, be mí katã míava zu ɖeka le nu si dzi míexɔ se la me, eye míava dze si Mawu Vi la keŋkeŋ. Míatsi aɖo ŋutsume asɔ ta kple Kristo, eye eƒe nɔnɔme blibo la nasu mía si.
14
Ekema míaganye ɖevi sue, siwo nufiafia yeye ɖe sia ɖe ƒe ya ƒona yina gbɔnae, eye ayetɔwo blena dea woƒe aɖaŋu vɔ̃ me la o.
15
Le esia teƒe la, mí, abe ame siwo me lɔlɔ̃ le ene la, míanye nyateƒetolawo, ale be míatsi le go ɖe sia ɖe me le Kristo, si nye ta la me.
16
Eyae lé ameti blibo la ƒe ƒunuɖeƒewo kple kawo ɖe asi wole te le ŋutilã la me, ale be ameti la ƒe akpa vovovoawo wɔa dɔ pɛpɛpɛ, tsina hetua wo ɖokui ɖo le lɔlɔ̃ me.
17
Azɔ mele egblɔm na mi, le Aƒetɔ la ŋkɔ me, be miganɔ agbe kple susu wodzoe, abe ale si ame siwo menye Yudatɔwo o la nɔnɛ ene o.
18
Woƒe susu me kple nugɔmesese do viviti. Esi woƒe dzi ku atri ta la, numanyamanya xɔ aƒe ɖe wo me, eye woƒe agbenɔnɔ to vovo tso agbe si Mawu di be ame nanɔ la gbɔ.
19
Woƒe dzitsinya ku atri, eya ta hadzedze ma wo, eye wobiãa ŋku ɖe nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ ŋu.
20
Mikpɔ ɖa, menye nu siawo miawo ya miesrɔ̃ le Kristo ŋuti o.
21
Nye ya metsɔe be miese nya tso Yesu ŋu, eye wofia nyateƒenya si le eme la mi.
22
Miɖe asi le dzɔdzɔme xoxo si nɔ mia si, si na mienɔ agbe si ƒomevi mienɔ va yi la ŋu. Nudzroame siwo blea ame lae gblẽ agbe si mienɔ tsã la.
23
Migbugbɔ miaƒe gbɔgbɔ kple susu wɔ yeyee,
24
eye mitsɔ nɔnɔme yeye, si wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe hele kɔkɔe la, do abe awu ene.
25
Azɔ la, miɖe aʋatsokaka ƒu gbe. Ame sia ame neto nyateƒe na nɔvia, elabe mia dome ame sia ame nye ŋutinu aɖe na ameti ɖeka ma ke.
26
Dzi neku mi, ke migawɔ nuvɔ̃ o. Dziku la neganɔ anyi, zã nado ɖe edzi o.
27
Migana mɔnukpɔkpɔ aɖeke Abosam o.
28
Ame si fia fi la, nedzudzɔ fififi. Netsɔ eƒe asi wɔ dɔ ɖɔʋu aɖe boŋ, bene nane nanɔ esi wòatsɔ ana hiãtɔ.
29
Migana nya ƒoɖi aɖeke nado tso miaƒe nu me o. Ne mieƒo nu la, nya si akpe ɖe eselawo ŋu, eye wòsɔ ɖe ɣe ma ɣi dzi tututu la ko miagblɔ, ale be wòahe yayra avɛ na eselawo.
30
Migawɔ nu si ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, elabe eyae wotsɔ de dzesi mii, be Mawu axɔ mi le ŋkeke ma dzi.
31
Miɖe veve helihelĩ, dɔmedzoe kple dziku katã ɖa. Nenema ke miɖe ɣlidodo, ameŋugbegblẽ kple susu vɔ̃ bubu ɖe ame ŋu hã ɖa.
32
Le esiawo teƒe la, mia nɔewo ƒe nu newɔ nublanui na mi, eye mianyo dɔme na mia nɔewo. Mitsɔ nuvɔ̃ ke, abe ale si Mawu hã tsɔ mia tɔ ke mi to Kristo dzi la ene.
← Chapter 3
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 5 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6