bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 2
Ephesians 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
1
Tsã la, esi mieda vo, eye miewɔ nuvɔ̃ la, ɖe mieku; ke fifia la, wogbɔ agbe mi.
2
Le ɣe ma ɣi me la, mienɔ agbe abe xexemetɔwo ene. Mieɖo to ŋusẽ siwo le ya me dzi ɖum la ƒe fia. Eyae nye gbɔgbɔ si le dɔ wɔm fifia, le ame siwo gbe be yewomaɖo to Mawu o la me.
3
Ame siawo domee mí katã míenɔ kpɔ, hezɔ ɖe nudzodzro si hona le míaƒe ŋutilã me la nu. Nu si míaƒe ŋutilã kple susu di be míawɔ lae míewɔna. Nɔnɔme sia, si nɔ mía me tae Mawu do dɔmedzoe ɖe mía ŋu, abe ale si wòdoe ɖe amegbetɔƒomea katã hã ŋui ene.
4
Ke esi wònye Mawu ɖe wòkpɔa nublanui na ame faa, eye seɖoƒe meli na ale si wòlɔ̃ amegbetɔ o ta la,
5
togbɔ be míeda vo heku hã la, ena míegbɔ agbe kple Kristo. Mawu ɖe wòve mía nu koŋ heɖe mí.
6
Esi míewɔ ɖeka kple Kristo Yesu ta la, efɔ mí ɖe tsitre kplii, eye wòna míebɔbɔ nɔ anyi ɖe Kristo gbɔ le dziƒonutowo me.
7
Mawu wɔ esia be yeaɖee afia dzidzime siwo agava dzɔ la be seɖoƒe aɖeke meli na ale si yeve mía nu, henyo dɔme na míi le Kristo Yesu ta la o.
8
Eve mia nu heɖe mi, esi miexɔ edzi se la ta. Menye miawo ŋutɔe wɔ naneke o, ke boŋ Mawu ƒe nunana wònye.
9
Nenema ke menye ame aɖeke ƒe agbagbadzedzee hee vɛ, ne wòava tsɔe aƒo adegbee o.
10
Elabe Mawue wɔ mí kple eya ŋutɔ ƒe asi, be míawɔ ɖeka kple Kristo Yesu, ale be míawɔ dɔ nyui, siwo ŋuti wòtrɔ asi le da ɖi be míava wɔ la.
11
Miɖo ŋku edzi, be menye Yuda vidzidziwo mienye o. Yudatɔwo, ame siwo wotso aʋa na la, yɔa mi be bolobolotɔwo. Evɔ la, aʋatsotso sia la, ŋutilãmenu ko wònye, eye amegbetɔ koe tsɔ asi wɔe.
12
Miɖo ŋku edzi, be ɣe aɖe ɣi va yi la, adzɔge ke mienɔ tso Kristo gbɔ, eye mienye Israel-dukɔ la ƒe dumevi le mɔ aɖeke nu kura o. Mienya naneke le nu, si Mawu bla kple eƒe amewo kple nu siwo ŋugbe wòdo na wo la ŋu o. Gawu la, mɔkpɔkpɔ aɖeke menɔ mia si na naneke o, eye Mawu aɖeke gɔ̃ hã menɔ mia si o.
13
Ke fifia la, to Kristo ƒe ʋu si wokɔ ɖi me la wokplɔ mi, ame siwo nɔ adzɔge ʋĩi tsã la va wɔ ɖeka kple Kristo Yesu.
14
Eyae he ŋutifafa va mía dome, hewɔ mí akpa eveawo ɖekae, eye wòɖe dzrewɔwɔ si zu gli ma mía dome la ɖa.
15
Eɖe Yudatɔwo ƒe se la kple kɔnyinyiwo ɖa, to agbe si wònɔ le ŋutilã me la me, be yeaƒo ƒu akpa eveawo, awɔ wo ame yeye ɖekae, be woawɔ ɖeka kple ye, ale be ŋutifafa nava.
16
Kristo to ku si wòku le atitsoga ŋuti la me lé avu akpa eveawo, eye wòwɔ wo ame yeye ɖekae na Mawu. Ale wɔ dzre la ke.
17
Esi wòva la, eɖe gbeƒã na mi, ame siwo nɔ adzɔge ʋĩi ke kple ame siwo le kpuiƒe siaa, be ŋutifafa va azɔ loo!
18
To eyama me la, mɔ ʋu siaa azɔ, be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nakplɔ mí, akpa eveawo katã, ava Mawu Tɔ́ la gbɔe.
19
Ale mieganye amedzrowo alo mɔzɔla siwo va to anyigba aɖe dzi ko yina la o, ke boŋ mi kple ame siwo ŋuti wokɔ la, miezu dukɔ ɖeka ƒe dumeviwo kple Mawu ƒe aƒemetɔwo.
20
Gɔmeɖoɖo si amedɔdɔwo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ɖo anyi la dzie wotu mi ɖo, eye Kristo Yesu ŋutɔe nye dzogoedzikpe la.
21
Eya dzie wokpe xɔtutu la ƒe akpa vovovoawo katã ɖo wòbla zu xɔ ɖeka, eye eyae nana be xɔ blibo la tsina ɖe edzi va zua gbedoxɔ kɔkɔe na Aƒetɔ la.
22
Esi miewɔ ɖeka kple Kristo ta la, wotsɔ miawo hã tu xɔa ƒe akpa aɖe, bene mi katã miazu aƒe si me Mawu ato eƒe Gbɔgbɔ la dzi anɔ la.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6