bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ephesians 3
Ephesians 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
1
Le esia ta, nye Paulo, si wode gaxɔ me le Kristo Yesu ta, ɖe mi, ame siwo menye Yudatɔwo o la teƒe la, medoa gbe ɖa na Mawu.
2
Ɖewohĩ mianyase ale si Mawu ve nunye, eye wòɖom dzikpɔlae be mawɔ dɔ le mia dome la.
3
Abe ale si meŋlɔ na mi kpuie va yi ene la, Mawu ɖe ɖoɖo si wòwɔ heɣla ɖi la fiam.
4
Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miate ŋu akpɔ ale si mese nya ɣaɣla si le Kristo me la gɔmee.
5
Tsã la, womena amegbetɔƒomea nya ɖoɖo ɣaɣla sia o; ke fifia la, Mawu to eƒe Gbɔgbɔ la dzi ɖee fia eƒe amedɔdɔ kɔkɔeawo kple eƒe gbeƒãɖelawo.
6
Ena be to Nyanyui la me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã va zu dome ɖeka nyilawo kple Yudatɔwo, ŋutinuwo na ŋutilã ɖeka ma ke, eye woawo hã wova kpɔ gome azɔ le ŋugbe si wodo to Kristo Yesu dzi la me.
7
Mawu to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me ve nunye nukutɔe ale gbegbe be wòna meva zu Nyanyui sia ƒe subɔla.
8
Ale, togbɔ be menye suetɔ kekeake le ame siwo ŋuti wokɔ dome hã la, Mawu ve nunye be meɖe gbeƒã kesinɔnu gbogbo, siwo le Kristo me la na ame siwo menye Yudatɔwo o la.
9
Edɔm ɖo ɖa be mana amegbetɔƒomea nanya ɖoɖo si Mawu, ame si wɔ nuwo katã la, wɔ heɣla ɖi tso keke gbe aɖe gbe ke la,
10
ale be woato hamea dzi aɖe Mawu ƒe nunya sɔgbɔ la afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔ siwo le dzi ɖum le dziƒonutowo me la.
11
Esia nye ɖoɖo mavɔ, si Mawu wɔ da ɖi tso keke gbe aɖe gbe ke. Azɔ ena ɖoɖo sia va eme to Kristo Yesu, mía Aƒetɔ la dzi.
12
Esi míexɔ Kristo dzi se ta la, dzi ɖo mía ƒo be míate ɖe Mawu ŋu dzideƒotɔe.
13
Eya ta mele kuku ɖem na mi be fu siwo kpem mele ɖe mia teƒe la, nagana dzi naɖe le mia ƒo o, elabe bubu sɔŋ boŋ de ge wòala mia ŋu.
14
Abe ale si gblɔm mele ene la, esia tae mele klo dzi le Tɔ́ la ŋkume ɖo.
15
Eya tɔe nye ƒome, siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la, eye eƒe ŋkɔe le wo ŋu.
16
Mele gbe dom ɖa be Mawu nana eƒe Gbɔgbɔ la natsɔ ŋusẽ si le eƒe ŋutikɔkɔe gbago la me la ade keke miaƒe ememe la me ke.
17
Miaƒe xɔse nana be Kristo naxɔ anyinɔ ɖe miaƒe dzime, ne miaƒe lɔlɔ̃ naƒo ke ɖe to, ahali ke zã,
18
eye ŋusẽ naɖo mia ŋu, ale be mia kple ame siwo ŋuti wokɔ la katã miase ale si gbegbe Kristo lɔ̃ mii la gɔme. Lɔlɔ̃ sia keke ta; ede didiƒe ʋĩi; ekɔ yi dzi boo, eye wògoglo!
19
Gawu la, Mawu nena miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃ si gbɔ amegbetɔ ƒe nugɔmesese ŋu yi sãa la, ale be Mawu ƒe nɔnɔme la nayɔ mia me taŋ!
20
Mawue nye ame si ƒe ŋusẽ le dɔ wɔm le mía me. Ete ŋu wɔa nu sia nu na mí wòsɔa gbɔ fũu wu ale si míebiana, alo nu si míebuna gɔ̃ hã.
21
Ŋutikɔkɔe nanye eyama tɔ, le hame la kple Kristo Yesu me, to dzidzimewo katã dzi, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6