bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Amos 1
Amos 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 2 →
1
Amos, ame si nɔ alẽkplɔlawo dome, tso Tekoa ƒe nyawoe nye esiawo. Wonye nya siwo wòkpɔ ku ɖe Israel-dukɔ ŋuti ƒe eve hafi anyigba nava ʋuʋu. Ɣe ma ɣi la, Uziya nye Yuda-fia, eye Yerobeam, Yoas vi, nye Israel-fia.
2
Amos be: “Aƒetɔ le gbe ɖem abe dzata ene le Zion-to dzi, eƒe gbe de dzi le Yerusalem. Lãkplɔviwo ƒe gbeɖuƒewo fa konyi, eye Karmel tame yrɔ.”
3
Aƒetɔ be: “Damaskotɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo, elabe wowɔ funyafunya Gileadtɔwo vevie.
4
Le esia ta, mana dzo afiã fia Xazael ƒe aƒe, eye Ben-Hadad ƒe mɔ́ sesẽwo abi dzo keŋkeŋ.
5
Maŋe gameti siwo le Damasko-du ƒe agbowo ŋu la klíklikli, atsrɔ̃ Aven, nuvɔ̃ɖi wɔbalia me nɔlawo kple fiatikplɔtsɔlawo le Bet-Eden. Woaɖe aboyo Siriatɔwo ayi Kir-nyigba dzi.” Aƒetɔ lae gblɔe.
6
Aƒetɔ be: “Gazatɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Woɖe aboyo dukɔ blibo, eye wokplɔ wo abe kluviwo ene ɖade asi na Edomtɔwo.
7
Le esia ta, mana dzo afiã dua ƒe gliwo, eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.
8
Matsrɔ̃ Asdodnɔlawo, eye maɖe Askalon-fia la ɖa. Mahe to na Ekron-du, eye Filistitɔ siwo susɔ la atsrɔ̃.” Aƒetɔ Mawulae gblɔe.
9
Aƒetɔ be: “Tirotɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Elabe wogbe ŋkuɖoɖo nɔvinu, si wobla la dzi wɔwɔ, eye woɖe aboyo dukɔ blibo, kplɔ wo abe kluviwo ene heyi ɖade asi na Edomtɔwo.
10
Le esia ta, mana dzo afiã Tiro-du ƒe gliwo, eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.”
11
Aƒetɔ be: “Edomtɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Woti wo nɔviwo yome vevie be yewoatsrɔ̃ wo kple yi, eye womekpɔ nublanui na wo kura o. Wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu helihelĩ, eye woƒe dzi de fafa ge do kpoe.
12
Le esia ta, mana dzo afiã Teman, eye wòabi Bozra ƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ.”
13
Aƒetɔ be: “Amontɔwo wɔ nuvɔ̃ nuvɔ̃wo, eye wogale wo wɔwɔ dzi. Eya ta mahe to na wo godoo. Esime wonɔ woƒe dziɖuƒe kekem ɖe enu la, wodze ƒo le Gilead funɔwo nu.
14
Le esia ta, mana dzo afiã Raba-du ƒe gliwo, eye wòabi eƒe mɔ́ sesẽwo keŋkeŋ. Aʋaɣli aɖi, ahom atu ŋɔdzitɔe,
15
eye woakplɔ woƒe fia la kple eŋumewo siaa ayi aboyo mee.” Aƒetɔ lae gblɔe.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9